Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 15:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye amea ɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fu wɔa me adreawo nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la. Ame aɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 15:8
14 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe gbe na fu ɖu zinɔwo, eye wòkɔ avemetiwo ta; eye nusianu le gbɔgblɔm le eƒe gbeɖoxɔ me be: Bubu!


Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.


Ɣlidola la ƒe gbe na kpuiawo ƒe agunu ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ xɔ la taŋ.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


Eɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖaa ɖeke meɖi go ɖe egoɖo o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!


amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,


Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.


esi ŋu Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le; eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔa ɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa