Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 14:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye mawudɔla bubu, si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mawudɔla evelia kplɔe ɖo le ɣli dom be, “Womui! Womu Babilonia Gã la, Babilonia si na dukɔwo no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoewain la.”

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 14:8
17 Mawu Ofanana  

Nya, si Yesaya, Amoz vi la, kpɔ ɖe Babel ŋu enye si:


tete ŋutsu sɔdolawo gbɔna hele gbɔgblɔm be: Babel mũ, emũ, eye wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.


Yehowa ƒe nya, si wògblɔ fe Babel kple Kaldea-nyigba ŋu to nyagblɔɖila Yeremya dzi la, enye si.


agblɔ bena: Ale dzɔgbevɔ̃e, si mahe va wo dzi la, anyrɔ Babel ɖe toe, magaɖo ɖe dzi akpɔ o, eye enu ayi. Yeremya ƒe nyawo seƒe enye si.


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Wò ghe-ghlẽ nu mafa o, eye hayahaya manɔe na wò ahlxɔxɔ o. Amesiwo katã se nya le ŋuwò la, aƒu akpe ɖe ŋuwò; elabena ameka dzie wò vɔ̃ɖiwɔwɔ meheva atraɖii o ma?


Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


Eye nyɔnu, si nèkpɔ la, enye du gã, si le fia ɖum ɖe anyigba dzi fiawo dzi.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa