Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 13:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wode ta agu na nɔ driba la; elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã la, eye wode ta agu na lã la le gbɔgblɔm bena: Amekae le abe lã la ene, eye amekae ate ŋu awɔ aʋa kplii mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Amewo subɔ ʋɔ driba la, elabena etsɔ dziɖuɖu ƒe ŋusẽ na lã wɔadã la, eye wosubɔ lã wɔadã la hã hebia be, “Ame kae le abe lã wɔadã la ene? Ame kae ate ŋu awɔ aʋa kplii?”

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 13:4
18 Mawu Ofanana  

Yehowa, ameka de nuwo le mawuwo dome? Ameka de nuwo, kpɔ ŋusẽ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu; amesi ŋu vɔvɔ̃ le, eye wòwɔ nu gãwo kple nukunuwo?


Ameka ŋu miehe, yewoatsɔm aɖoe, ne míasɔ kple mía nɔewo? eye ameka miebe, yewoatsɔ aɖo ŋunye, ne míaɖi mía nɔewo?


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu?


amesi tsia tre, eye wòdoa eɖokui ɖe dzi ɖe nusianu, si woyɔna be Mawu alo nusi wosubɔna la dzi, nenem bena wòbɔbɔ nɔ anyi de mawuƒe la me hele eɖokui fiam be, yenye Mawu.


Eye wokpɔ dzesi bubua ɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa, ʋɔ driba dzi gãa ɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo.


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Eye mekpɔ lã bubua ɖe le ɖoɖom tso anyigba me, eye dzo eve li nɛ abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔ driba la ene.


Eye wona ŋusẽe, be wòatsɔ gbɔgbɔ na lã la ƒe legba, bena lã la ƒe legba naƒo nu hã, eye wòawɔ bena, woawu ame geɖe, alesi nu medze klo subɔ lã la ƒe legba o.


Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ.


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Eye esi wokpe eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, wodo ɣli gblɔ bena: Du kae sa kple du gã ma mahã?


Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o.


Ke esi Israel-ŋutsuwo katã kpɔ ŋutsua la, wòsi le enu, eye wovɔ̃ ŋutɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa