Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 13:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 ale be ame aɖeke mate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ɖe wòxɔ dzesi si nye lã wɔadã la ƒe ŋkɔ alo xexlẽme si nye eƒe ŋkɔ la hafi.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 13:17
11 Mawu Ofanana  

Tso esia dzi la amea ɖeke megaɖe tu nam o; elabena nye la Yesu ƒe abidzesiwo le nye ŋutilã ŋu.


Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu,


Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.


Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.


Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la,


Eye mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahũhɔ̃e, si me bia hẽ abe dzo ene la ene; eye amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la, le tsitre de atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la nu, eye Mawu ƒe saŋkuwo le wo si.


Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.


Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.


eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.


Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.


Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa