Nyaɖeɖefia 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19133 Eye mana ŋusẽ nye ɖaseɖila eve, bena woagblɔ nya ɖi ŋkeke akpe ɖeka kple alafa eve kple blaade, eye woanɔ akpanya me. Onani mutuwoAgbenya La3 Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).” Onani mutuwo |
Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka.