Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 11:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 11:10
29 Mawu Ofanana  

Esi Axab kpo Eliya la, Axab gblɔ nɛ bena: Wò, amesi he gbegblẽ va Israel dzi la, enye esia?


Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Tete Israel-fia gblɔ na Yosafat bena: Nyemegblɔe na wò be, metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko oa?


Israel-fia ɖo eŋu na Yosafat bena: Ame ɖeka li, amesi gbɔ wobiaa nu Yehowa le, ke melé fui, elabena metoa nya nyuia ɖeke nam o, negbe vɔ̃a ko, eya nye Mixa, Yimla vi. Ke Yosafat gblɔ bena: Fia meganɔ nu ƒom alea o.


Kpɔm ɖa, Yehowa, nye Mawu, eye nam nam; na nye ŋku dzi nakɔ, ne magatso me le alɔ̃ me o!


Megana nye ketɔ aʋatsotɔwo nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o, eye amesiwo lé fum yakatsyɔ la, nate ŋku ɖem o!


Amesiwo katã to mɔ dzi yina la, wohae, eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo.


Ne wò futɔ dze enyi la, dzi megadzɔ wò o, eye ne ekli nu la, wò dzi megatso aseye o,


Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.


Nye domenyinu halawo, minɔ dzidzɔ kpɔm, eye minɔ aseye tsom ko, miɖi adzrɔ abe nyinɔvi, si le lu tugum la ene, eye mixlɔ̃ abe sɔtsu ene.


Ke megafɔ ŋku ɖe nɔviwò dzi le eƒe ŋkeke la dzi, le eƒe dzogbevɔ̃egbe o, megakpɔ dzidzɔ ɖe Yuda-viwo ŋu le woƒe tsotsrɔ̃gbe o, eye megake wò nu baa le xaxagbe o.


Nye futɔ, meganɔ dzidzɔ kpɔm ɖe ŋunye, o; elabena ne medze anyi la, magafɔ, eye ne mebɔbɔ nɔ viviti me la, Yehowa ye nye nye kekeli.


Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lãkpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.


Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.


Eye esi wose esia la, eku dzi na wo ŋutɔ, eye woɖo be, yewoawu wo!


medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi.


Eye esime ʋɔ driba la kpɔ bena, wotsɔ ye ƒu gbe ɖe anyigba la, eti nyɔnu, si dzi ŋutsuvi la yome.


Eye woble anyigbadzinɔlawo de dzesi, si wotsɔ nɛ, be wòawɔ le lã la ƒe ŋku me la ŋuti hele gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo bena, woawɔ legba de lã, si ŋu wode abii kple yi, eye wòle agbe la ƒe nɔnɔme me nɛ.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi, eye eƒe fiaduƒe do viviti, eye woɖu ade le fukpekpe la ta,


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa