Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Lilikpo nye awu ʋlaya wòdo, eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 10:1
28 Mawu Ofanana  

Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi.


Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ.


Esi Aron ƒo nu kple Israel-viwo ƒe ha bliboa la, wòtrɔ ŋgɔ dze gbedzi lɔƒo, eye kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia le alilikpoa ɖe me.


eƒe atawo nye kpe ɣi sɔti, siwo woɖo sikafɔ dzi; eƒe dzedzeme le abe Libanon ene, eye wonye nu vevi abe sederti ene;


Nya ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa do alilikpo ɖidu gbɔna ɖe Egipte: Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋku me, eye dzi lolo ɖe dɔ me na Egipte


Elabena esia le nam abe Noa ƒe tsiɖɔɖɔ ene; alesi mekɔ atam be, Noa ƒe tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba akpɔ o la, nenema ke meka atam be, nyemagado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye nyemagaka mo na wò azɔ o.


Eɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖaa ɖeke meɖi go ɖe egoɖo o.


Keklẽ, si ɖe to ɖee la, le abe alesi anyieʋɔ ɖina ɖe alilikpo ŋu le tsidzadza megbe ene. Esia nye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔme. Eye esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye amea ɖe le nu ƒom mese.


Eŋuti ɖi adzagba, eƒe mo le abe dzikedzo ene, eye eƒe ŋkutvo ɖi akakati, eƒe abɔwo kple afɔwo le abe ayawa, si le dzo dam ene, eye eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi le abe amehawo ƒe hoowɔwɔ ene.


Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na nɔviwò Aron be, megayi ɖe kɔkɔeƒe la me le xɔmetsovɔ la godo le nutsyɔnu, si le aɖaka la dzi la ŋgɔ ɣesiaɣi, be wòagava ku o; elabena meɖea ɖokuinye fiana le alilikpo me le nutsyɔnu la dzi.


Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le alilikpo me kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Ɣeɖota, esime mele mɔ dzi la, fia, mekpɔ kekeli, si wu ɣe ƒe keklẽ la, tso dziƒo heklẽ ƒo xlã mia kple amesiwo le mɔ zɔm kpakplim la.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubua de le didim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ de anyigba dzi.


Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,


Eye mekpɔ mawudɔla ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gãa ɖe le esi.


eye amesi bɔbɔ nɔ edzi la ŋuti le abe yaspis-kpe kple sardis-kpe ene, eye anyieʋɔ, si ŋuti le abe smaragd-kpe ene la, ƒo xlã fiazikpui la.


Eye mekpɔ mawudɔla sesẽa ɖe le gbe ƒã ɖem kple gbe gã bena: Amekae dze be, wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenuawo ɖa?


Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃a ɖe, si le dzodzom lé dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gãa ɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinuwo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa