Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 eye eƒe afɔwo ɖi gadzẽ, si wode kpodzo me wòbiã hẽ, eye eƒe gbe le abe tsi sisi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Eƒe afɔwo biã hẽe abe akɔbli si wode kpodzo me ene, eye eƒe gbe le abe tɔsisi geɖewo ƒe hoowɔwɔ ene.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 1:15
11 Mawu Ofanana  

Yehowa kako le dziƒo wu, tɔ gãwo ƒe howɔwɔ kple atsiaƒu ƒe agbodzedze sesẽ.


Dukɔwo le ho wɔm abe tsi geɖewo ƒe howɔwɔ ene, ke eblu ɖe wo ta, eye wòsi yi adzogedzogee, woɖe wo ɖe nu abe gbe ƒuƒu le ya nu le towo dzi kple yali le ahom nu ene.


Eye esi wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe ŋusẽkatãtɔ ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene, eye ne wòtɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi.


woƒe atatiwo dze ti, woƒe afɔƒome le abe nyivi tɔ ene, eye wole dzo dam kaŋkaŋ abe ayawa ene.


Esi wòkplɔm va afimae la, kpo ɖa, ŋutsua ɖe le tsi tre ɖe agbo nu, eƒe nɔnɔme le abe akɔbli ene, eye wòlé anazika gbegbe kple dzidzeti ɖe asi.


Eye kpɔ ɖa, Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tso ɣedzeƒe gome va, eye eƒe zinyenyẽ le abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ ene, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba le keklẽm.


Eŋuti ɖi adzagba, eƒe mo le abe dzikedzo ene, eye eƒe ŋkutvo ɖi akakati, eƒe abɔwo kple afɔwo le abe ayawa, si le dzo dam ene, eye eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi le abe amehawo ƒe hoowɔwɔ ene.


Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubua ɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene,


Eye mese gbea ɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene.


Eye mese gbea ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum!


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Tiatira la, ƒe ɖɔla bena: Mawuvi, amesi ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzẽ biabia ene la, eyae gblɔ esiawo bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa