Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye esi wole woƒe fiaɖuƒe me kple wò kesinɔnu gbogbo, siwo nètsɔ na wo dome, eye wole anyigba nyadri wɔnu, si nètsɔ na wo dzi hã la, womesubɔ wò o, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

35 Togbɔ be èwɔ nukunu geɖewo na wo, eye nèkɔ wò amenuveve ɖe wo dzi fũu hã la, womesubɔ wò o. Èna anyigba gã aɖe si nyoa nu la wo, gake wogbe asiɖeɖe le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:35
11 Mawu Ofanana  

Woxɔ nu sesẽwo kple anyigba wɔnuwo, eye woxɔ aƒe, siwo me kesinɔnu geɖewo le fũ, kple vudo ɖeɖewo, weingblewo kple amitiwo kpakple ati tseku ɖuɖuawo taŋtaŋ; woɖu nu ɖi ƒo ɖa ami, eye wonɔ agbe vivi le wò kesinɔnu geɖeawo me.


Míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple mía fofowo mewɔ wò nufiamewo dzi o, eye womelé ŋku ɖe wò sewo kple wò nuxlɔ̃amenya, siwo nètsɔ xlɔ̃ nu wo la ŋu o.


Makafu Yehowa ƒe amenuveve kple Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ le nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la nu kpakple eƒe dɔmenyo gbogbo, siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖe la nu.


Eye wòava me, ne wogblɔ be: Nukata Yehowa wɔ nusiawo katã mí ɖo hã la, ekema naɖo ŋu na wo be: Alesi miegblẽm ɖi hesubɔ mawu tutɔwo le mia ŋutɔwo miaƒe anyigba dzii la, nenema ke miasubɔ du bubu me tɔwo le anyigba, si menye mia tɔ o la dzii.


Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.


Esi nu do sɔ gbɔ ɖe asiwò, eye mèkɔ mo hesubɔ Yehowa, wò Mawu la faa tso dzi me o la,


eyata dɔ kple tsikɔ awu wò, atsi amama, eye hiã atu wò le nu geɖewo me, gake hafi nagasubɔ wò futɔ, siwo Yehowa dɔ ɖe ŋuwò la, eye woade gakɔkuti kɔ na wò, vaseɖe esime woatsrɔ̃ wò avɔ.


Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa