Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Tɔwò dzɔ le nusiwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔe ɖe eteƒe, ke míawo míewɔ nu tovo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

33 Tɔwò dzɔ ɣe sia ɣi si nèhe to na mí. Míewɔ nu vɔ̃ ale gbegbe be nu si dze mí la koe nèwɔ mí.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:33
16 Mawu Ofanana  

Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


Míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple mía fofowo mewɔ wò nufiamewo dzi o, eye womelé ŋku ɖe wò sewo kple wò nuxlɔ̃amenya, siwo nètsɔ xlɔ̃ nu wo la ŋu o.


Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.


Adzi ha na amewo agblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, eye metrɔ gbo nu dzɔdzɔe la, ke womeɖo eteƒe nam o.


Elabena meɖoa ŋkeke na amegbetɔ, be wòava ʋɔnu le Mawu ŋku me o.


Míewɔ nuvɔ̃ kpe ɖe mía fofowo ŋu, míeɖa vo, eye míewɔ nu vɔ̃ɖi.


Yehowa, dzɔdzɔetɔ nenye, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe.


Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.


Eye Mose gatrɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ bena: Ao, taflatse, dukɔ sia wɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, elabena wotsɔ sika wɔ mawui na wo ɖokui.


Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?


le woƒe vɔ̃, siwo wowɔ hetsɔ do dziku nam, eye woyi ɖasubɔ mawu tutu, siwo woawo loo alo miawo kple mia fofowo mienyã o, eye wodo dzudzɔ na wo la la.


Yehowa ta dzɔ, elabena mesẽ to ɖe eƒe nyawo ŋu. Mi dukɔwo katã, misee, eye milé ŋku ɖe nye vevesese ŋu! Nye ɖetugbiwo kple nye ɖekãkpuiwo yi aboyo me.


ne miadze sii be, nyee nye Yehowa; elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu o, ke boŋ miewɔ nu ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa