Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Ke mètsrɔ̃ wo ɖikaa o, eye mègblẽ wo ɖi o le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu elabena Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nènye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Ke le wò amenuveve sɔ gbɔ la ta la, mètsrɔ̃ wo keŋkeŋ alo gble wo ɖi o. Mawu amenuvetɔ kple dɔmenyotɔ gãe nènye!

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:31
15 Mawu Ofanana  

Gake Yehowa ve wo nu, ekpɔ woƒe nublanui, eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la ta, eye meɖi be, yeagblẽ wo o, eye meɖe woɖa le eƒe ŋkuta o vaseɖe fifi.


Elabena ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ekema futɔwo akpɔ mia nɔviwo kple mia viwo ƒe nublanui, eye woagatrɔ ava anyigba sia dzi, elabena amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, mia Mawu la, eye ne mietrɔ ɖe eŋu la, maɖe kɔ ɖa le mia ŋu o.


wogbe toɖoɖo, womedo ŋku nukunu, siwo newɔ na wo la dzi o, wolia kɔ, eye woɖo tatɔ na wo ɖokui, be yewoagbugbɔ ayi yewoƒe kluvinyenye me le Egipte. Ke wò la, Mawu, si tsɔa nuvɔ̃wo kena la nènye, ènye amenuvela kple nublanuikpɔla, ènye ame fafa, eye wò amenuveve sɔ gbɔ, eye mègblẽ wo ɖi o.


mègblẽ wo ɖe gbea dzi o le wò nublanuikpɔkpɔ ga la la; alilikpo dodo la medzo le wo gbɔ le ŋkeke me o, be wòakplɔ wo ato mɔ dzii, eye dzo babla la megbe keklẽ na wo le zã me le mɔ, si woto la dzi o.


Metsi nye dɔmedzoe nu le nye ŋkɔ ta, eye le tawò meɖo asi ɖokuinye dzi le nye kafukafu ŋuti, be magatsrɔ̃ wò o;


Elabena ale Yehowa gblɔ esi; Anyigba blibo la azu gbegbe, ke nyemagblẽe gbidigbidi o.


Miɖe woƒe gliwo dzi, ne miagblẽ nu; ke menye gbidigbidi o! Miho woƒe weinkawo, elabena menye Yehowa tɔ wonye o.


Ke ɣemaɣi hã nyematsrɔ̃ mi gbidigbidi o, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o;


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


elabena Yehowa, wò Mawu la, Mawu nublanuikpɔla wònye, maɖe asi le ŋuwò alo agblẽ wò o, eye maŋlɔ nubabla, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo la be o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa