Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 9:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Exlɔ̃ nu wo, be yeatrɔ wo ɖe wò se la ŋu; ke woda, eye womeɖo to wò se la o hewó nuvɔ̃ ɖe wò kɔnuwo ŋu, evɔ wònye ne amea ɖe wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi. Wotrɔ megbe ɖe wò kɔ̃, eye wosẽ la me hegbe toɖoɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Èhea to na wo ale be nàtrɔ wo ɖe wò seawo ŋu. Ke, togbɔ be wò seawo dzi wɔwɔe naa agbe ame hã la, wò amewo nye dadalawo, eye womeɖo to o, ke boŋ woyi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 9:29
34 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa xlɔ̃ nu Israel kple Yuda to eƒe nyagblɔɖilawo katã, siwo nye nukpɔlawo la dzi gblɔ bena: Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔwo dzi, eye milé nye sewo kple nye dodowo me ɖe asi, abe alesi mede se na mia fofowo kple alesi mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe mi la ene.


Ke womeɖo to o, hafi boŋ wosẽ ta me abe wo fofo, siwo mexɔ Yehowa, woƒe Mawu dzi se o la ene


Eye wòɖo nyagblɔɖilawo ɖe wo gbɔ, be woatrɔ wo ɖe Yehowa ŋu, eye woxlɔ̃ nu wo, ke womeɖo to o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Manase kple eƒe dukɔ la, ke womeɖo toe o.


Tete Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, ɖo eƒe dɔlawo ɖe wo enuenu, elabena Yehowa kpɔ eƒe dukɔ kple eƒe nɔƒe la ta.


Le ɣemaɣi mekpɔ be, amea ɖewo fiã wein le dzudzɔgbe le, wotsɔ lubablawo va aƒee, eye wotsɔ wein, weintsetse kple gbotitsetse kpakple agba vovovowo do agbae na tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete mexlɔ̃ nu wo le gbesigbe wole nuɖuɖuawo dzram.


Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


Ke mía fofowo da, eye wolia kɔ, womeɖo towò seawo o,


Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Ke wogbe toɖoɖo, eye womeƒu to anyi o, ke boŋ wolia ʋume, womeɖo to o, eye wodo toku tohehe.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la, ava du sia kple eƒe duwo katã dzi; elabena wolia ʋume goŋgoŋ hegbe nye nyawo sese.


Mi Yuda ƒe ame susɔeawo, Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu be: Migayi Egipte o. Minyae be, megbe na mi egbea!


Azarya, Hosaya vi, kple Yoxanan, Kareax vi kpakple ŋutsu vlowo katã gblɔ na Yeremya bena: Alakpa dam nèle; menye Yehowa, mía Mawu, ye ɖo wò ɖa gblɔ bena: Migayi Egipte ɖanye amedzro le afima o;


Womebɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi vaseɖe egbe o, vɔvɔ̃ meɖo wo o, eye womezɔ ɖe nye sewo kple nye ɖoɖowo, siwo mede asi na woawo kple wo fofowo la nu o.


ke womeɖo tom o, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o, ke boŋ wosẽ ʋume, eye wogblẽ wu wo fofowo.


Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Eyata meƒo wo to nyagblɔɖilawo dzi, metso nyee numenyawo wu woe, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ adze abe kekeli ene.


Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖowo kple sewo ŋu, elabena woana amesi woa wo dzi la, nanɔ agbe. Nyee nye Yehowa.


Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka nèle biayem le nyuie ŋuti mahã? Amea ɖeke mele nyuie o negbe Mawu ɖeka ko; ke ne èle didim bena, yeayi ɖe agbe la me la, lé seawo me ɖe asi.


Eye wògblɔ nɛ bena: Eɖo ŋu nyuie; wɔ esia, eye nakpɔ agbe.


Elabena Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la ŋuti bena: „Amesi ke wɔ esiawo la, ano agbe to esia me.“


Ke se la metso xɔse me o, hafi boŋ amesi ke wɔ nusiawo dzi la, anɔ agbe le wo me.


Eye ne dzɔgbevɔ̃e kple hiã geɖe va wo dzi la, ekema ha sia anye ɖase anɔ woƒe ŋku me, elabena mage le woƒe dzidzimeviwo nu o. Elabena menya tame, si li na wo fifia, hafi mele wo kplɔm le anyigba, si ŋu meka atam ɖo la dzi yimi.


Elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialia. Kpɔ ɖa, ŋkeke alesi menɔ mia gbɔ la, miesẽ to ɖe Yehowa ŋu vaseɖe fifi; evɔ, ne meku ɖe?


ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.


Eye megblɔ na mi bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu, migasubɔ Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o; ke miegbe toɖoɖo nye gbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa