Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 7:65 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

65 Eye anyigbanua dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe-tɔwo ƒe ɖeke o, vaseɖe esime nunɔla natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

65 Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 7:65
16 Mawu Ofanana  

Eye anyigba dzikpɔla gblɔ na wo bena, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔetɔ ƒe ɖeke, o, vaseɖe esime nunɔlaa ɖe natsɔ Urim kple Tumim adoe hafi.


Le nusiawo katã megbe la míebla nu ɖikaa, eye míeŋlɔe ɖi na míaƒe amegãwo, míaƒe Lewi-viwo kple míaƒe nunɔlawo, eye míeɖo ŋkɔ ete.


Amesiawo di woƒe dzidzimegbalẽ, gake womekpɔe o, eyata woɖe nunɔlanyenye la le wo dzi.


Ameka blibo la le ame akpe blane vɔ eve alafa etɔ̃ kple blaade.


Aƒekɔwo ƒe amegãa ɖewo na nu ɖe dɔ la ŋu. Nusiwo anyigba dzikpɔla na hetsɔ de kesinɔnu la me la, wonye: sika dariko akpe ɖeka, ʋutre blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe dziwui alafa atɔ̃ kple blaetɔ.


Tete anyigba dzikpɔla Nexemya kple nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala, kpakple Lewi-vi, siwo le eme ɖem na dukɔa la, gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ŋkeke sia ŋu kɔ na Yehowa, mia Mawu la, migaxa nu o, eye migafa avi o! Elabena dukɔ blibo le avi fam, esime wose se la me nyawo.


Eye natsɔ Urim kple Tumim ade akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la me, bena ne Aron yi Yehowa ƒe ŋku me la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Israel-viwo ƒe nyametsonu nanɔ Aron ƒe dzi dzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo fe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Ke nuɖuvɔsa mamlea nye Aron kple viaŋutsuwo tɔ, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye tso Yehowa ƒe dzovɔsa la me.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:


etsɔ akɔtaɖonu la ɖo eŋu, eye wotsɔ Urim kple Tumim ɖe akɔtaɖonu la me;


Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Eye wògblɔ le Lewi ŋu bena: Wò Tumim kple Urim enye wò ame kɔkɔe la tɔ. Amesi nete kpɔ le Masa, eye nèwɔ dzre kplii le dzrewɔtsia gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa