Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete nye Mawu dee dzi me nam be, maƒo bubumewo, amegãwo kple dukɔ la nu ƒu, ne maŋlɔ woƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomeawo nu. Eye mekpɔ amesiwo gbɔ zi gbãtɔ la ƒe dzidzimegbalẽ, eye ale woŋlɔ ɖe eme enye si.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 7:5
15 Mawu Ofanana  

Amesiwo di woƒe dzidzimegbalẽ, gake womekpɔe o; eyata woɖe nunɔlanyenye la: le wo ŋuti.


Woakafu Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, si ɖe nusia dzi me na fia la, be wòaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem,


Nye Mawu, edo ŋku nusiwo katã mewɔ na dukɔ la dzi nam hena nye nyui.


Nye Mawu, ɖo ŋku Tobiya kple Sanebalat dzi le woƒe nuwɔwɔ siawo nu hekpe ɖe nyɔnunyagblɔɖila Noadia kple nyagblɔɖila susɔeawo, siwo be, yewoado ŋɔdzi nam la ŋuti.


Du la nyadri, eye wòlolo, ke amesiwo le eme la, mesɔ gbɔ o, eye womekpɔ tu xɔwo o.


Amesiawo di woƒe dzidzimegbalẽ, gake womekpɔe o, eyata woɖe nunɔlanyenye la le wo dzi.


Elabena Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso;


Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Menye bena miede enu le mia ɖokui si, be miasusu nane abe mia ŋutɔwo mía ɖokui mee wòtso ene o; ke mía nudede la tso Mawu gbɔ boŋ,


Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, migana woable mi o:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa