Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 5:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Esia to vovo sãa tso mɔmefia siwo do ŋgɔ nam la ƒe wɔnawo gbɔ. Woawo xɔa nuɖuɖu kple wain kple klosaloga blaene gbe sia gbe le dukɔa si. Wotsɔ ameawo de asi na woƒe kpeɖeŋutɔwo, eye wowɔa fu ameawo. Ke nye la, mevɔ̃a Mawu, eye nyemewɔ nenema o.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 5:15
19 Mawu Ofanana  

Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu.


Nye hã mekpe asi ɖe gliɖodɔ sia ŋu eye míeƒle agblea ɖeke o, eye nye ɖekakpuiwo katã kpe ta ɖe ɖɔ la ŋu le afima.


Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea?


Elabena gbegblẽ, si tso Mawu gbɔ la, do ŋɔdzi nam, eye nyemate ŋu anɔ te de eƒe gãnyenye nu o.


Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.


Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.


Lɔlɔ̃ kple nyateƒe wotsɔna léa avu vodada, eye Yehowa-vɔvɔ̃ wotsɔna tsria vɔ̃e.


Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã.


Mia dometɔ, si vɔ̃a Yehowa la, neɖo to eƒe dɔla ƒe gbe; amesi le viviti me zɔm, eye kekelia ɖeke meklẽna nɛ o lã, neɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, eye wòaziɔ ɖe eƒe Mawu ŋu.


Ale meƒle agble, si le Anatot la le tɔnyeɖia vi Xanameel si, eye meda klosalo sekel wuiadre nɛ.


Kluviwo le amegã ɖum ɖe mía nu, ke amea ɖeke mele mía ɖem le wo si me o.


Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe?


elabena nɔvi, siwo tso Makedonia va la, na nusiwo hiãm la, wòsɔ gbɔ de nunye, eye mekpɔ ɖokuinye dzi le nusianu me, bene nyemaganye agba na mi o, eye magakpɔ ɖokuinye dzi.


Alo nuka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu, negbe le esia me ko bena, nye ŋutɔ nyemenye agba na mi oa? Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem!


Axɔ agblemenu kple weingblemenu fe ewolia le mia si na eƒe aƒe dzikpɔlawo kple dɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa