Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 10:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Woatsɔ mía viŋutsuwo kple míaƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo kpakple míaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ava mía Mawu ƒe aƒe la me na nunɔla, siwo le subɔsubɔdɔ wɔm le mía Mawu ƒe aƒe la me, abe alesi woŋlɔe ɖe se la me ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

37 “Kpe ɖe esiawo ŋu la, woatsɔ nuawo adzra ɖo ɖe míaƒe Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Nu siawoe nye míaƒe bli kple agblemenuku siwo ɖi bli la ƒe nyuitɔwo, míaƒe nudzɔdzɔwo, míaƒe kutsetse gbãtɔwo kple míaƒe wain yeye kple ami ƒe gbãtɔwo. Míedo ŋugbe be, míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe ewolia ɖeka na Levitɔwo, ame siwo ƒe dɔ wònye be woaxɔ nu ewoliawo ƒe ɖekawo le ame siwo le du suewo kple kɔƒewo me la si.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 10:37
23 Mawu Ofanana  

Eye Israel-vi kple Yuda-vi, siwo le Yuda-duwo me la, hã na nyiwo kple alẽwo ƒe ewoliawo kpakple nunana kɔkɔe, siwo ŋu wokɔ na Yehowa, woƒe Mawu la fũ.


Eye mese be, womena Lewi-viwo ƒe gome wo o, eyata Lewi-viwo kple hadzilawo, emesiwo woa subɔsubɔdɔ la, do me amesiame yi eƒe agble me.


Azɔ Yuda blibo la tso bli, wein kple ami ƒe ewoliawo ya nudzraɖoƒexɔawo me;


afisi wotsɔa numevɔsa, atike ʋeʋẽe kple ŋudɔwɔnuawo, bu, wein kple ami ƒe ewoliawo, siwo nye Lewi-viwo, hadzilawo kple agbonudzɔlawo lɔ kpakple nunɔlawo ƒe nudzɔdzɔ, dana do tsa la.


Emegbe megblɔ be, woakɔ xɔ la ŋu, eye megafɔ Mawu ƒe eƒe ŋu dɔwɔnuawo, nuɖuvɔsa kple atike ʋeʋẽeawo va mee.


ekema natsɔ nusianu, si ʋu dɔ nu na dada la, ana Yehowa, eye natsɔ wò lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo nye atsu la, na Yehowa.


Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.


Mitsɔ wɔ memee efa ƒe mamã ewoliawo eve ƒe abolo ʋaʋã eve atsɔ tso mia nɔƒewo katã vɛ, woanye nu gbãtɔwo na Yehowa, be woanyèe.


Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


ɖe amegbetɔ aflu Mawu, hafi miawo miele fluyema? Eye ne miebe: Nuka míetsɔ flu wòe hã la, ɖe menye nuwo ƒe ewolia kple adzɔwoe oa?


Nusianu, si aʋu ɖɔ nu na dada, eɖanye ame alo lã o, eye wotsɔe na Yehowa la, nye tɔwò; ke woatsɔ ga axɔ amewo ƒe ŋgɔgbeviwo kple lã makɔmakɔwo ƒe ŋgɔgbeawoe.


Gake woƒe lã nanye tɔwò, abe alesi akɔ, si wonyè kple ɖusita nye tɔwoe ene.


Eye metsɔ nuwo katã ƒe ewoliawo ɖeka na Lewi-viwo, bena wòanye wo tɔ le Israel, ɖe woƒe ɖɔ, si wole wɔwɔm le Mawu ƒe agbadɔ ŋu la ta.


Ke ne abolowo ƒe gbãtɔ la le kɔkɔe la, amɔwɔ blibo la hãe, eye ne ke la le kɔkɔe la, alɔwo hãe.


Na wò agblemenuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ,


Natsɔ wò agblemenu, wò wein kple wò ami ŋgɔgbeawo kpakple wò alẽfu, si nètre koko la, ana wo.


ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa