Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 10:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 de ŋkumeɖobolo, gbesiagbe nuduvɔsa kple gbesiagbe numevɔsa, dzudzɔgbevɔsawo kple dzinu yeye vɔsawo kple ŋkekenyuie vɔsawo, akpedavɔsawo kple nuvɔ̃vɔsawo ŋu, be woalé avu na Israel kple mía Mawu ƒe ale ŋu ɖɔwo katã ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

34 “Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 10:34
16 Mawu Ofanana  

Edzidze nu hafi ma woa kple eve la, elabena woawoe nye kɔkɔeƒe la nu amegãwo kple Mawu ƒe amegãwo tso Eleazar viwo kple Itamar viwo dome.


Dzidze gbãtɔ dze Yoyarib dzi, evelia dze Yedaya dzi,


kpɔ ɖa, mele didim be, matu xɔ na Yehowa, nye Mawu ƒe ŋkɔ, makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo atike ʋeʋẽe le eŋku me, woada ŋkumeɖobolo ɖi, eye woasa numevɔ ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple Yehowa, mía Mawu ƒe ŋkekenyuiewo dzi; Israel ƒe dɔ nye esia tegbee.


Emegbe wosa gbesiagbe-numevɔ, dzinu yeye kple Yehowa ƒe ŋkekenyule kɔkɔewo katã kpakple emesiwo sa vɔ le wo ɖokui si la ƒe numevɔwo.


Dukɔ la ƒe amegãwo nɔ Yerusalem; ke dukɔ susɔea dzidze nu be, ame ɖekaɖeka natso ame ewoewo dome ava nɔ du kɔkɔe Yerusalem me, ke ame asieke asieke bubuawo nanɔ duwo me


kple ɖoɖowo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi ŋu kpakple ɖe nu gbãtɔwo. Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui.


Nudzidze tsia dzre nu, eye wòtsoa nya me na ŋusẽtɔwo.


Libanon ƒe atiwo mesɔ gbɔ hena dzododo o, eye edzi lãwo mesɔ gbɔ hena numevɔsa o.


Eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo wuieve; wɔ efa ƒe mamã ewoliawo eve naƒo abolo ɖeka,


eye naɖo wo ɖe agbaka eve me ɖe sikakplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋku me; agbaka ɖeka nanye wo ame aɖe.


De se na Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Milé ŋku ɖe nye dzovɔsa ƒe vɔsanu, si nye nye nuɖuɖu, eye wòʋẽna ɖem lilili la ŋu, eye miatsɔe asa vɔ nam le ɣeyiɣi, si woɖo la dzi.


Eye wodzidze nu ɖe wo dzi, eye nudzidze la dze Matia dzi, eye woɖe kpe ɖe apostolo wuiɖekɛawo ŋu.


Eye Yosua tsɔ wo wɔ nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la le teƒe, si tia ge wòala la, tso ŋkeke ma dzi vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa