Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nehemia 10:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eya enye bena, míatsɔ mía nyɔnuviwo na anyigba dzi dukɔwo o, eye míaɖe wo nyɔnuviwo na mia viŋutsuwo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 “Míelɔ̃ ɖe edzi be ne trɔ̃subɔla siwo le anyigba la dzi anɔ adzɔnu kple agblemenuku alo nu bubu aɖe dzram le Dzudzɔgbe alo ŋkeke kɔkɔe bubu aɖe dzi la, míagbe eƒeƒle. Míelɔ̃ ɖe edzi be míawɔ dɔ aɖeke le ƒe adrelia ɖe sia ɖe me o. Hekpe ɖe esia ŋu la, míate fli ɖe mía nɔvi Yudatɔwo ƒe fe siwo wonyi le mía si la me.

Onani mutuwo Koperani




Nehemia 10:31
24 Mawu Ofanana  

bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.


Mekpɔ le ɣemaɣi hã be, Yudatɔwo ɖe nyɔnuwo tso Asdod, Amon kple Moab.


Azɔ woase esia le mía ŋu be, miewɔ nu gbegblẽ gã sia heto vo de mía Mawu la ŋu be, míede dutanyɔnuwoa?


Le ŋkeke gbãtɔ dzi miawɔ takpekpe kɔkɔea de, eye le ŋkeke adrelia dzi hã miawɔ takpekpe kɔkɔea ɖe. Migawɔ dɔa ɖeke le wo dzi o, negbe nusi amesiame aɖu la, eya ko miaɖa.


Ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o, eɖanye wò ŋutɔ, viwòŋutsu alo viwònyɔnu o, eɖanye wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò lã, alo wò amedzro, si dzewo du me la o.


eye naɖe woƒe vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo; eye ne woƒe vinyɔnuwo le woƒe mawunuwo wɔm la, ekema woana be, viwòŋutsuwo hã nasubɔ woƒe mawuwo.


Ɖe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye míaŋe kɔkutiwo katã,


Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi. Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la míatsi nu ado, eye miawo doa ɖeke o, eɖanye duametɔ alo amedzrovi, si le mia dome o.


Ŋkeke ma dzi miaɖe gbe ƒã bena, takpegbe kɔkɔe wònye na mi, miekpɔ mɔ awɔ asinudɔa ɖeke o. Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã.


Ŋkeke ade miawo ɖo, ke ŋkeke adrelia enye dzudzɔgbe blibo kple takpegbe kɔkɔe; miawɔ dɔa ɖeke o, elabena dzudzɔgbe wònye na Yehowa le mia nɔƒewo katã.


Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene!


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


Elabena nublanuikpɔkpɔ manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ me na amesi mèfia nublanuikpɔkpɔa ɖeke o; ke nublanuikpɔkpɔ ƒoa adegbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa