Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wòava me be, ne amea ɖe to ŋuwò yina la, asi le nuwo agblɔ bena; Wogblẽ Niniwe, ameka afa nɛ, eye afika maɖadi akɔfala le na wò?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ame siwo katã akpɔ wò la, dzidzi aƒo wo, eye woagbugbɔ ɖe megbe agblɔ be, ‘Ninive gbã gudugudu, ame ka afa nɛ?’ Afi ka makpɔ ame aɖe le wòafa akɔ na wò?”

Onani mutuwo Koperani




Nahum 3:7
12 Mawu Ofanana  

Nu evee dzɔ ɖe dziwò, amekae afa na wò? Gbegblẽ kple, tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi, amekae afa akɔ na wò?


Elabena Yerusalem, ameka akpɔ nublanui na wò, ameka ado baba na wò, eye ameka ava gbɔwò abia wò lãme ta ase?


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe to na Babel-fia kple eƒe anyigba, abe alesi mehe to na Asur-fia ene.


Miehe, míada gbe le Babel ŋu, ke hayahaya mele eŋu o; eyata migblẽè ɖi, eye mia dome amesiame neyi eƒe anyigba dzi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ de dziƒo ke, eye wòɖatɔ alilikpowo.


Yerusalem-nyɔnuvi, ameka matsɔ asa kpli wò, ne wòaɖi wò? Zion-ɖetugbi ameka matsɔ aɖo ŋuwò, ne mafa akɔ na wò? Elabena wò abi lolo abe atsiaƒu ene, amekae ada gbe le ŋuwò ma?


Nya ɖe Niniwe ŋu: Naxum, Elkositɔ ƒe nyagblɔɖigbalẽ enye si.


Ado eƒe asi ɖa ɖe anyiehe ŋu, eye wòatsrɔ̃ Asur, ana Niniwe nazu gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene.


Eye Israel blibo la katã, amesiwo ɖe to ɖe wo la, si le woƒe ɣlidodo la ta; elabena wobu be, anyigba le yewo hã mi ge.


Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa