Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke wonyã eya hã ɖe gbe wòyi aboyo me, eye woxlã viawo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã, wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzl, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 gake Tebes dze anyi, woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi. Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 3:10
17 Mawu Ofanana  

Tete Xazael gblɔ bena: Nukaŋuti nye aƒetɔ le avi fam? Eɖo ŋu bena: Menya nu vɔ̃ɖi, si wɔ ge nala ɖe Israel-viwo ŋu; àtɔ dzo woƒe du sesẽwo, eye atsɔ yi awu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩewo ɖe nu, eye adze ƒo le woƒe funɔwo nu.


Nu ko wònye miele dzidzem ɖe tsyɔ̃eviwo dzi, eye mietsɔ mia xɔlɔ̃ le dzadzram.


Babel-nyɔnuvi, wò aƒedo, woayra amesi aɖo nusi nèwɔ mí la, teƒe na wò!


Woayra amesi alé wò vidziewo axlã ɖe agakpe!


ne woade kɔsɔkɔsɔ woƒe fiawo kple kunyowu woƒe ame ŋkutawo;


woaxlã wo viwo ɖe nu le wo ŋku me, woaha woƒe aƒewo, eye woade asi wo srɔ̃wo ŋu.


Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene.


Matsɔ Egipte ade asi na amegã sesẽa ɖe, eye fia sẽŋuta aɖu wo dzi, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe!


nenema Asur-fia akplɔ Egipte ƒe aboyomewo kple Kus ƒe amesiwo wonyã de gbe la ayii, ɖekakpuiwo kple amegã ɖeɖiwo, woaɖe ama, anɔ afɔ ƒuƒlu, eye woƒe agɔnu atsi ƒeƒle; ŋukpe wònye na Egipte.


Fɔ nado ɣli le zã le ŋudzɔɣi ƒe gɔmedzedze! Trɔ wò dzi ƒo ɖe Aƒetɔ la ŋku me abe esi ene! Wu wò asiwo dzi nɛ le viwò, siwo dɔwuame na no te wo ŋu ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi la ƒe agbe ta!


Aleke sika nya tsiɖitsiɖi, eye sika nyui ƒe nɔnɔme trɔ? Aleke wolɔ kpe kókɔewo kɔ ɖe kpɔɖomee ƒe dzogoewo katã dzi?


ne wolé wò kple asi la, aŋe avuvu woƒe asi blibo la, eye ne woziɔ ɖe ŋuwò la, àŋe aƒo ɖe woƒe ali me blibo la.


Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ.


Ale Yehowa gblɔ esi. Le Amon-viwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ etɔ̃ kple eneawo ta, nyematsɔe; ake wo o; elabena wodze ƒo le Gilead ƒe funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.


Gbemagbe èle eteƒe; esi amedzrowo ɖe aboyo eƒe aʋakɔwo ɖzoe gbemagbe, du bubu me towo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu ɖe Yerusalem dzi la, wò hã ènye wo dometɔ ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa