Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tso gbaɖegbe ke Niniwe le abe ta, si tsi yɔ fũ ene; ke woasi, eye ne wobe, „mitɔ, mitɔ“ la, amea ɖeke menye kɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Miha klosalowo! Mìha sika! Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu, xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:9
12 Mawu Ofanana  

Esi ƒe trɔ la, fia Nebukadnezar do woɖakplɔe va Babel, eye wofɔ Yehowa ƒe aƒe me ŋu dɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, eye wòtsɔ nɔvia Zedekiya ɖo fia ɖe Yuda kple Yerusalem nu.


Baba na wò nugblẽla, si womegblẽna o, wò adzoblasu, si womedaa adzoe o! Ne èwu nugbegblẽ nu la, woagblẽ wò hã, eye ne eda adzo vɔ la, woada adzo wò hã!


Eye woaƒo miaƒe nuhahawo nu ƒu, abe alesi woƒoa ʋetsuviwo nu ƒu ene, eye woaƒu du ɖe wo ŋu, abe alesi abɔ fia kpoe ene.


Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de, ne woawu mi, eye makaka mi ahlẽ, ne mianɔ abe agba xɔasi, si ge dze anyi ene!


Nukaŋuti mele wo kpɔm dzidzi ƒo wo, eye wogbugbɔ ɖe megbe, wogbã woƒe kalẽtɔwo gudugudu, eye wòsi womegale megbe kpɔm o? Yehowa be: Ŋɔdzi li godoo.


Elabena nugblẽla aƒo ɖe Babel dzi, eye wòaɖe aboyo eƒe kalẽtɔwo, eye woƒe dawo aŋe, elabena Mawu nuteƒeɖola enye Yehowa, eye ahe to kokoko.


Woaha wò kesinɔnuwo, eye woada adzo wò adzɔnuwo, woamũ wò gliwo, woagbã wò dzidzɔkpɔxɔwo, eye woalɔ wò kpewo, atiwo kple anyiglãgowo aƒu gbe ɖe atsiaƒu me.


Aɖe aboyo woƒe mawuwo kple legba kɔkɔwo kpakple nu vevi, siwo wotsɔ klosalo kple sika wɔe la, ayi Egipte, eye wòadzudzɔ nuwɔwɔ kple anyiehefia ƒea ɖewo.


Wo amegãwo le abe ʋetrawo ene, eye wò aʋaflawo le abe ʋe-tsuviwo ƒe ha ene, wodzona ɖe gliwo ŋu le gbesigbe vuvɔ le wɔwɔm, ke ne ɣe dze la, wotuna dzona, eye womegadzea siwo teƒe o.


Adzɔnu siawo nye: Sika kple klosalo kple kpe xɔasiwo kple adzagbawo kple aklala biɖibiɖi kple aɖabɛ kple seda kple awu dzi kple ati ʋeʋẽe ƒomeviwo katã kple nyiɖu ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã kple ati xɔasi kple gadzẽ kple ga kple kpe xɔasi ƒe aɖaŋunu bubu ƒomeviwo katã


Baba, baba na du gã la! Eya, si do aklalabiɖibiɖiwu kple aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwu leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo! Elabena le gaƒoƒo ɖeka me kesinɔnu geɖe siawo golẽ petepete.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa