Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 2:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Dzata lé nu alesi atu viawo nu, eye wòwu nu na dzatanɔwo; etsɔ adzonu yɔ eƒe ɖowo fũ kple nuléle yɔ enɔƒewoe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Metso ɖe ŋuwò; matɔ dzo wò tasiaɖamwo, eye wò dzataviwo atsi yi nu. Nyemagblẽ ame aɖeke ɖe anyigba dzi nàgada adzoe o, eye womagase wò ame dɔdɔwo ƒe gbe le teƒe aɖeke azɔ o.”

Onani mutuwo Koperani




Nahum 2:13
33 Mawu Ofanana  

Ke Asur-fia do Tartan, Rabsaris kple Rabsake kpakple aʋakɔ gãa ɖe tso Laxis ɖo ɖe Yerusalem ɖe fia Xizkiya ŋu, eye woho heva Yerusalem. Esi woho va la, wotɔ ɖe dzigbeta, si le avɔnyãla ƒe agblenu dzi la, ƒe tɔʋu nu,


Eye Rabsake gblɔ na wo be: Migblɔ na Xizkiya bena: Ale fia gã, Asur-fia, gblɔ esi: Nuka ŋu gɔ̃ nele dzi ɖom ɖo?


Edo vlo Aƒetɔ la to wò dɔlawo dzi gblɔ bena: Metsɔ nye tasiaɖam gbogboawo va toawo ta me kple Libanon ƒe tsutsuẽ aƒe, eye melã eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuitɔwo, azɔ mege ɖe eƒe nɔƒe kɔkɔwo kple eƒe abɔmeti dodowo gbɔ;


Ke esi wose le Kus-fia Tirhaka ŋu be: Kpɔ ɖa, eho, be yeawɔ aʋa kpli wò la, egadɔ amewo ɖo ɖe Xizkiya, ne woagblɔ nɛ bena:


eye woƒo nu le Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe anyigba dzi dukɔwo ƒe mawu, siwo nye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo la ene.


Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,


Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò balime nɔla, wò gbadzaƒe ƒe agakpe, mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Ameka aɖi abu ɖe mía dzi, eye ameka ava mia nɔƒe?


Mido kpo le Egipte, miɖe gbe ƒã le Migdol, eye miɖe gbe ƒã le Nof kple Taxpanxes! Migblɔ bena: Tso nadzra ɖokuiwò ɖo, elabena yi le nu ɖum le ŋuwò godoo.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, be: Kpɔ ɖa, mado ɖe dziwò, wò ame tovo; elabena: wò ŋkeke ɖe, wò toheɣi ɖo.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, maɖo nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe,


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mieƒo nu dzodzroa, eye miekpɔ alakpanu la, eyata maƒo ɖe mia dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eye nagblɔ na dzieheve la bena: Se Yehowa ƒe gbe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado dzo ɖe mewo, ne wòafiã ati mumuwo katã kple ati ƒuƒuwo katã; womatsi dzo ƒe aɖeawo o, eye ŋkuwo katã me atɔ aka tso dziehe vaseɖe anyiehe;


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tiro, maƒo de dziwò, eye mana dukɔ geɖewo naho de ŋuwò, abe alesi atsiaƒu nana eƒe tsotsoewo honae ene.


gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Zidon, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, eye makɔ ɖokuinye ŋu le mewo, eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, medrɔ̃ ʋɔnui, eye mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe eŋuti.


eyata kpɔ ɖa, maƒo ɖe mia kple wò tɔsisiwo dzi, eye mana Egipte-nyigba nazu gbegbe kple aƒedo, tso Migdol va ke ɖe Siene ɖaseɖe Kus ƒe liƒo dzi.


Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“


gblɔ nɛ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Seir-to, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwo, eye matsɔ wò awɔ gbegbe kple aƒedoe.


gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gog, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal.


Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Gog vivi, nu, nagblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gog, kpɔ ɖa, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò amesi nye amegã le Ros, Mesex kple Tubal!


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye hã maƒo ɖe dziwò, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mewò le dukɔwo ŋku me,


Afika dzatawo nɔƒe le azɔ, eye afika dzataviwo ƒe nuɖuƒe le, afisi dzatatsu kple dzatanɔ kpakple dzataviwo tsana le, eye amea ɖeke medoa vodi na wo o?


Baba na hlɔ̃dodu, si me alakpadada hɔ ɖo, ŋutasesẽ yɔe fũ, eye wòghe aslɖeɖe le adzodada ŋu!


Wò mɔ̃ sesẽwo katã le abe gboti, siwo dzi kutsetse ɖiɖiwo le la ene; ne woʋuʋu wo la, woade adze nu me na wo ɖula.


Afima dzo aɖu wò le, aɖu wò abe ʋefra ene, eye yi atsrɔ̃ wò, ne éde ha abe ʋetrawo ene, eye nèsɔ gbɔ kpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene hã.


kpɔ ɖa, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maƒo ɖe dziwò, eye maɖe wò taɖedzi lewo ŋutɔ ŋkuwò me, mana dukɔwo nakpɔ wò ama, eye fiaɖuƒewo nakpɔ wò ŋukpeƒe.


Ke Yehowa gblɔ na Yosua bena Megavɔ̃ wo o, elabena mana wo katã natsrɔ̃ le Israel ŋgɔ etsɔ wɔle siawo; natu ata na woƒe sɔwo, eye natɔ dzo woƒe tasiaɖamwo.


Eye Yosua wɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene; etu ata na woƒe sɔwo, eye wòto dzo woƒe tasiaɖamwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa