Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Towo ʋuʋu le eŋgɔ, togbɛwo lólo gbanaa, eye anyigba kple xexeame kpakple emenɔlawo katã dzo kpekpekpe le eŋku me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye togbɛwo lolõ gbanaa le eŋkume, anyigba kple edzinɔlawo katã ʋuʋu le eŋkume.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 1:5
34 Mawu Ofanana  

Anyigba ʋã, eye wòʋuʋu, eye dziƒo ƒe anyinɔwo dzo kpekpekpe: woʋã elabena edo dɔmedzoe.


Dziƒosɔtiwo le dzodzom kpekpekpe, eye dziku tso wo ƒo le eƒe ŋɔdzidoname la,


Emli towo ɖa, ke womenyae o; etrɔ wo bu anyi le eƒe dɔmedzoe me.


Eya, amesi doa mo de anyigba dzi, tete wòdzena nyanyanya, ekaa asi towo ŋu, eye wotua adzudzɔ.


towo ti kpo abe agbowo ene, togbɛwo abe alẽviwo ene.


Mi towo, be miele kpo tim abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene?


Esi meɖo xaxa me la, meyɔ Yehowa, eye medo ɣli na nye Mawu. Ese nye gbe le eƒe gbedoxɔ me, eye nye ɣlidodo de egbɔ ge ɖe eƒe to me.


Tete anyigba ʋanya, eye wòʋuna, towo ƒe anyinɔwo ʋuʋu, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.


Mawu le eme, maʋã o, Mawu xɔna nɛ, ne agu dze.


Mawu, esi nèho dze wò dukɔ ŋgɔ, eye nètsa le gbegbe la, Sela,


Atsiaƒu kple eme nuwo neɖe gbe kpe ɖe xexeame kple eme nɔlawo ŋu!


Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.


Kpɔ ɖa, Yehowa aɖi gbɔlo anyigba, eye wòagblẽe, atrɔ eƒe ŋku me abu anyi, eye woaka edzi nɔlawo ahlẽ.


anyigba le ya mum abe ahamula ene, eye wòle nyenyem ʋakaʋaka abe ahamaka ene, elabena eƒe dzidadawo do agba ɖe edzi; adze anyi, eye magafɔ o.


Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Meɖe ŋku ɖe towo, kpɔ ɖa, wole dzodzom kpekpekpe, kple ɖe togbɛwo katã, kpɔ ɖa, wole ʋaʋãm.


Ƒumelãwo kple dziƒoxewo, gbemelãwo kple nutata, siwo katã tana le anyigba dzi, kpakple amegbetɔ, siwo katã le anyigba dzi la, adzo kpekpekpe le ŋkunye me, towo aŋe adze eme, agakpewo amũ, eye gliwo katã amũ adze anyi.


Anyigba dzo kpekpekpe le enu, eye dziƒo ʋuʋu; ɣe kple ɣleti do viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu tsi.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, amesi ka asi anyigba ŋu wòlólo gbanaa, eye edzinɔlawo katã xa nu, ede dzi glodzoo abe Nil ene, eye wòdze eme abe Egipte-tɔsisi ene;


Towo alólo le ete abe anyĩgba le dzo nu ene, eye gbadzaƒewo aɖe dzoglo, abe alesi tsi sina tsoa aganu wònɔna ene.


Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alo ɖe dzi.


Wò to gã, nenye nuka ke nènye hã, azu gbadzaƒe le Zerubabel ŋku me. Eyama aɖe etamakpe adoe, eye woanɔ ɣli dom be: Eme nenye, eme nenye nɛ!


Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo,


Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Eye woŋlɔ dziƒo ɖa abe agbalẽ ŋɔŋlɔ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe.


towo dzo kpekpekpe le Yehowa ŋku me, eye Sinai sia ʋuʋu le Yehowa. Israel ƒe Mawu ƒe ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa