Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nahum 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eblu ɖe atsiaƒu: ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo katã ƒu kplakplakpla; Basan kple Karmel woyrɔ, eye Libanon ƒe numiemiewo yrɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Eblu ɖe atsiaƒu ta wòmie, eye wòna tɔsisiwo me ƒu kplakplakpla. Basan kple Karmel ƒe lãnyiƒe damawo zu gbegbe, eye Lebanon ƒe ave damawo zu dzogbe.

Onani mutuwo Koperani




Nahum 1:4
22 Mawu Ofanana  

Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Tete atsiaƒu gɔme dze, eye anyigba ƒe anyinɔwo tsi go to Yehowa ƒe ŋɔdzidodo kple eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ me.


hegblɔ bena: Afii nava se ɖo, eye mayi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo ɖoa?


Wosi le wò bublu nu, eye wode afɔ du me le wò gbeɖeɖe nu.


Eblu ɖe Avaƒu la ta wòmle, eye wòkplɔ wo to tɔ gɔme abe tagba ene.


Atsiaƒu kpɔe, eye wosi, Yordan gbugbɔ ɖe megbe;


Atsiaƒu, nya kae dzɔ, be nèsi, wò, Yordan, be nègbugbɔ ɖe megbe?


Tɔwo gɔme dze, nye xexeme ƒe agunu tsi go le wo bublu la nu, Yehowa, kple wò dɔmedzoe ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ fuxefuxe la nu.


Wòe na tsidzɔƒewo kple lɔʋuwo si, eye nèna tɔsisi gãwo mie.


Anyigba le nu xam wòte eŋu, ŋu kpe Libanon, eƒe lãme gbã, Saron zu abe gbegbe ene, eye Basan kple Karmel lu xe.


Magblẽ towo kple togbɛwo, eye mana woƒe gbe mumuwo katã naƒu, mana tɔsisiwo nado kpo, eye mana táwo namie.


eya, amesi gblɔ na to gome be, mie, eye mana wò tɔsisiwo naƒu kplakplakpla;


Ɖe menye wòe na atsiaƒu, tɔgo glo la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu gɔme, be amesiwo woɖe la, to edzi yi oa?


Mana tɔsisiwo naƒu kplakplakpla; matsɔ anyigba la adzra na ame vɔ̃ɖiwo, eye mana ame tutɔwo nagblẽ anyigba la kple edzi nuwo. Nye Yehowa ye ƒo nu!


Ƒumelãwo kple dziƒoxewo, gbemelãwo kple nutata, siwo katã tana le anyigba dzi, kpakple amegbetɔ, siwo katã le anyigba dzi la, adzo kpekpekpe le ŋkunye me, towo aŋe adze eme, agakpewo amũ, eye gliwo katã amũ adze anyi.


Eye wògblɔ bena. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna eƒe gbe le ɖiɖim tso Yerusalem, tete lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒe yrɔ, eye Karmel tame; ƒu.


Eya amesi wo atifieŋu kpakple avũ kple avũtɔ, eye wotsɔ blukɔ wɔ ŋdii, ena ŋkeke do viviti abe zã ene, eye wòyɔ atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa;


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele vɔvɔ̃m ale, mi xɔseʋeetɔwo! Tete la wòtsi tre, eye wòblu ɖe ya kple ƒu la ta, eye ɖoɖoe gãa ɖe zi kpoo.


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa