Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke anyigba anye gbegbe le edzinɔlawo ŋuti le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ke anyigba aɖi gbɔlo le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃wo ta.

Onani mutuwo Koperani




Mika 7:13
22 Mawu Ofanana  

Le nye nukpɔkpɔ nu la amesiwo ŋlɔa dzɔgbevɔ̃e hetsɔa agbagbadzedze ƒãna la, woawoe xanɛ ha.


eyata woaɖu woƒe zɔzɔme ƒe kutsetsewo, eye woƒe aɖaŋuɖeɖewo neɖi ƒo na wo.


Mitsɔ eƒe esi ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo akafui le dua me!


Ame vɔɖi ŋutɔ ƒe vodadawo lénɛ, eye eƒe nuvɔ̃ ƒe ka ɖenɛ.


Ɣemaɣi la woƒe du sesẽwo azu gbegbe, abe Xiwitɔwo kple Amoritɔwo ƒe aƒedo, siwo wogblẽ ɖi hesi le Israel-viwo nu la ene.


Nye Yehowa ye dzroa dziwo me, eye meɖoa ayikuwo me kpɔna; maɖo eteƒe na amesiame ɖe eƒe zɔzɔ kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu.


Yehowa be: Mahe to na mi ɖe miaƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse nu, eye mado dzo ɖe woƒe ave me, ne wòabi woƒe nutowo katã me.


Anyigba sia azu aƒedo kple gbegbe, eye dukɔ sia asubɔ Babel-fia ƒe blaadre sɔŋ.


amesi ƒe aɖaŋudede kpe, eye eƒe nuwɔwɔ sɔ gbɔ, wò amesi ƒe ŋkuwo le te ɖe amegbetɔviwo ƒe mɔwo katã ŋu, ne nawɔ na amesiame le eƒe mɔwo kple eƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse nu;


Eye nagblɔ na dukɔ hahoo la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Yerusalemtɔ, siwo le Israel-nyigba dzi la ŋu enye si: Woaɖu woƒe abolo kple vɔvɔ̃, eye woano woƒe tsi le ŋɔdzi me, elabena woƒe anyigba azu gbegbe, eye woaɖe edzi nuwo katã ɖa le edzinɔlawo katã ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ta.


Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, matsi eƒe ŋusẽ, si ŋu wòle adegbe ƒom ɖo la nu, eye Israel-towo atsi ƒeƒle, ale be amea ɖeke magato wo dzi ayi o.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta.


Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.


Eyata nye hã maƒo wò vevie, eye magblẽ dowòme le wò nuvɔ̃wo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa