Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 7:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ŋkeke la ghɔna, be woaɖo wò gliwo, eye wò liƒowo ate ayi adzɔge ʋĩ gbemagbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ŋkeke si dzi woatu wò duwo la ava eye ŋkeke na wò liƒowo ƒe keke ɖe edzi gbɔna.

Onani mutuwo Koperani




Mika 7:11
12 Mawu Ofanana  

Tete megblɔ na wo bena: Miele dzɔgbevɔ̃e, si me míele la kpɔm, be Yerusalem zu aƒeɖo, eye eƒe agbowo fiã oa? Eyata mina míaɖo Yerusalem ƒe gliawo, be womagaɖe alɔme le mía ŋu azɔ o!


kple agbalẽ matsɔ na fia ƒe ave dzikpɔla Asaf, be wòatsɔ atiwo nam, ne matsɔ akpa mɔ̃ la ƒe agbowo, siwo le gbedoxɔ kple du la ƒe gliwo kpakple aƒe, si me yi ge mala la ŋu. Tete fia la lɔ̃ edzi nam, elabena nye Mawu ƒe asi nyui le dzinye.


Ke míawo míedo gbe ɖa na mía Mawu la, eye míeɖe dzɔlawo ɖo wo ŋu keli kple zã le wo ta.


Ke esi Yudatɔ, siwo tso teƒewo katã le wo gbɔ la, va gblɔ na mi zi ewo be, mítrɔ va yewo gbɔ la,


Wò hiãtɔ, si ahom lɔ ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o, kpɔ ɖa, matsɔ kpe ŋɔŋɔewo aɖo gɔwòme anyi, eye matsɔ adzagba aɖo wò agunu anyi.


Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe de nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me, megahe asi de megbe o! Didi wò kawo ɖe nu, eye naƒo wò tsyotiwo ɖe to!


Viwòwo atso blemaƒedowo, eye afɔ gbaɖegbetɔwo ƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woayɔ wò be „gli gbagbãwo ɖɔɖola, mɔwo dzradola, ne woatso aƒe ɖi.“


Woatso blemaƒedowo, woafɔ gbaɖegbe glikpowo ɖe tsitrenu, eye woagbugbɔ du gbagbãwo kple tsãtɔwo ƒe glikpowo atso.


Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa