Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 6:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mise nya, si gblɔm Yehowa le: Tso nahe nya kple towo, eye togbɛwo nase wò gbe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mise nya si gblɔm Yehowa le na eƒe dukɔ: “Tsi tsitre, nàgblɔ nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye. Towo kple togbɛwo nanye ɖasefowo na nya siwo nètsɔ ɖe ŋutinye.

Onani mutuwo Koperani




Mika 6:1
22 Mawu Ofanana  

Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.


Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Yehowa tso, be yeahe nya, etsi tre ɖi va, be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.


Misee, eye miƒu to anyi; miganɔ dadam o, elabena Yehowa le nu ƒom.


Anyigba, anyigba, anyigba, se Yehowa ƒe nya!


Wò amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel-towo ŋu gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Yehowa ƒe nya!


Ke mi Israel-towo, miɖe ama, eye mitse ku na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe.


Eye wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi ɖe ƒu siawo ŋu gblɔ na wo bena: Mi ƒu ƒuƒuwo, mise Yehowa ƒe nya!


gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, agatowo kple balimewo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mahe yi ava mia dzi, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.


Mise Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe mi Israel-viwo, mi ƒome blibo, si wòkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la ŋu:


Mi dukɔwo katã, misee, anyigba kple edzl nuwo, miƒu to anyi! Aƒetɔ Yehowa nye ɖasefo ɖe mia ŋu, Aƒetɔ la tso eƒe gbedoxɔ kɔ: kɔe la me!


Towo alólo le ete abe anyĩgba le dzo nu ene, eye gbadzaƒewo aɖe dzoglo, abe alesi tsi sina tsoa aganu wònɔna ene.


Mi towo kple anyigba ƒe agunu sesẽwo, mise Yehowa ƒe dzrenya! Elabena dzre le Yehowa kple eƒe ɖukɔ la dome, eye wòle ʋɔnu yi ge kple Israel.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.


Miɖo to, mi dziƒowo, mele nu ƒo ge, eye anyigba, se nye numenyawo!


ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.


Eyata miva ɖo, ne maɖe dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ na mia kple mia fofowo la me na mi le Yehowa ŋku me!


Tete Samuel gblɔ na Saul bena: Ɖo to gbɔ, ne magblɔ nya, si Yehowa to nam eto ƒe zã la na wò! Egblɔ be: Ƒo nu!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa