Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 5:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yakob ƒe ame mamleawo anɔ ɖukɔ geɖewo dome, abe Yehowa ƒe zãmu kple tsiɖzadza ɖe gbe dzi, si mekpɔa amea ɖeke sinu o, eye melalaa amegbelɔvia ɖeke o la ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Woaɖu Asiria dzi kple yi, eye woato eƒe agbowo me age ɖe Nimrɔd ƒe anyigba dzi. Aɖe mí tso Asiria ƒe asime nenye be wòho aʋa va dze míaƒe anyigba dzi be yeaɖo afɔ míaƒe liƒowo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Mika 5:6
26 Mawu Ofanana  

Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Kus dzi Nimrod; eya de asi kalẽwɔwɔ me le anyigba dzi.


Eyata Yehowa na Asur-fia; ƒe aʋafiawo va ƒo ɖe wo dzi: wode ga Manase heɖe aboyoe, eye woɖe kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babel.


Ne meƒo nu la, amea ɖeke megaƒonɛ o, eye nye nyawo nyɔna ɖe wo dzi.


Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.


Aɖi ɖe anyi ahe tsidzadza ɖe gbe talãlàe dzi ene, abe tsi gãe ƒo anyigba ene.


Woakplɔ dukɔwo ayi wo teƒee, eye woazu Israel ƒe aƒe la tɔ anye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe anyigba la dzi; ale woalé amesiwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu amegã ɖe woƒe ŋutasẽlawo dzi.


Magbã Asur le nye anyigba dzi, eye mafanyae kple afɔ ɖe nye towo dzi, eƒe kɔkuti aɖe ɖa le wo ŋu, eye eƒe agba adzo ɖa le woƒe kɔʋu me.


Baba na wò nugblẽla, si womegblẽna o, wò adzoblasu, si womedaa adzoe o! Ne èwu nugbegblẽ nu la, woagblẽ wò hã, eye ne eda adzo vɔ la, woada adzo wò hã!


Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ.


Tete Asur-fia Sanxerib ho gbugbɔ dzo yi aƒe, eye wòɖanɔ Ninive.


Eye ne akpa ewolia susɔ la, woagatsrɔ̃ eya hã ɖa; ke abe alesi ne wolã sesewu kple logoti, eye takpoea kpɔtɔna la, nenema ƒome kɔkɔe la anye takpoea.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Woaɖi gbɔloe ƒiaƒiaƒia, eye woahae! Dziwo alólo gbanaa eye klowo anɔ ƒoƒom kpakpakpa, aliwo katã adzo nyanyanya, eye ŋkumewo katã afu tititi.


Ado eƒe asi ɖa ɖe anyiehe ŋu, eye wòatsrɔ̃ Asur, ana Niniwe nazu gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene.


Eye makpɔtɔ dukɔ ɖagbi, si bɔbɔ eɖoku ɖe anyi la, ɖe mewò, eye woaɣia wo ɖokul ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me.


Ɖeɖe tso miaƒe futɔwo kple amesiwo katã léa fu mi la, ƒe asi me;


be esi wòɖe mi tso miaƒe futɔwo si me la, wòana miasubɔe kple mavɔ̃mavɔ̃


Eye esi wòdze egɔme tso Mose kple nyagblɔɖilawo katã dzi la, ede nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gome fia wo.


Nye nufiafiawo le ɖuɖu ge abe tsidzadza ene, eye nye nyawo le dzadza ge abe zãmu ene; wole abe tsie nyɔ ɖe gbe dzi ene, eye wole abe tsie tso ka ɖe amagbe dzi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa