Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 5:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 “Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.”

Onani mutuwo Koperani




Mika 5:2
57 Mawu Ofanana  

Emegbe la wodze mɔ tso Betel. Esi wote lu Efrat la, Raxel de asi kulele me: ke vidzidzi la nye dɔ nɛ.


Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


Esi metrɔ tso Mesopotamia gbɔna va Kanaan la, Raxel ku le gbɔnye le mɔ dzi, esi mele tu Efrat, eye meɖii ɖe afima le Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Salma viwo nye: Betlexem, Netofatitɔwo, Atarot, Bet-Yoab kple Manatitɔwo ƒe afã, eya nye Zoreatitɔwo,


emegbe Gedor fofo Penuel kple Xusa fofo Ezer. Amesiawo nye Betlexem fofo Xur, amesi nye Efrata ƒe ŋgɔgbea ƒe viwo.


Elabena Yuda sẽ ŋu le nɔviawo dome, eye amegã dzɔ tso eme; ke ŋgɔgbevinyenye la enye Yosef tɔ.


Kpɔ ɖa, míese eŋkɔ le Efrata, eye míekpɔe le Yaar-gbegbe.


Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.


Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,


Eye Mose tia ŋutsu zãzɛwo le Israel-viwo dome heɖo amegãwoe ɖe dukɔ la nu. Ɖewo de ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu.


Eye atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku.


Edze abe atilɔ fẽ ene le eŋku me, eye abe ke ƒe dzedzè tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme kple ɖekadzedze mele eŋu, ne míaɖe ŋku ɖee o, eye kpɔkpɔme mele eŋu, ne eƒe nu nadzro mí o.


Kpɔ ɖa, metsɔe ɖo ɖasefo na dukɔwo, eye metsɔe ɖo dukɔwo ƒe amegã kple dziɖula.


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Le ɣemaɣi la mafɔ Dawid ƒe agbadɔ gbagbã la de tsitrenu, eye matre eƒe gbagbãƒewo, mafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu, eye matui abe tsã ene;


Zion-nyɔnuvi; ƒo togotogoe nalé ku abe uyɔnu, si le vi ɖzim la ene! Elabena ele na wò be, naʋu le ɖua me aɖanɔ gbedadaƒo, eye naɖe Babel ke; afima woaɖe wò le, eye afima Yehowa axɔ wò le wò fu-tɔwo si me le.


Yi, nyɔ ɖe nye lãkplɔvi kple ŋutsu, si mia kplii míebɔa ha la ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe. Dza lãkplɔvi, ne lãha nakaka ahlẽ! Ke matrɔ nye asi ɖe ame tsewo ŋu.


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Ke esi wodzi Yesu le Betlexem le Yudea, le fia Herodes ŋɔli la, kpɔ ɖa, nunyalawo tso ɣedzeƒe va Yerusalem va bia bena:


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Tete wode asi enutsotso me gblɔ bena: Míekpɔ amesia wòle miaƒe dukɔ la ƒe tame trɔm, eye wògbe na amewo bena, woagadzɔ nu na kaisaro o hele gbɔgblɔm bena, ye ŋutɔe nye Kristo, fia la.


Eye nuŋɔŋlɔ hã le eƒe tagbɔ, esi woŋlɔ ɖe Helatɔwo, Romatɔwo kple Hebritɔwo ƒe gbe me bena: Esia nye Yudatɔwo ƒe fia la!


Ɖe ŋɔŋlɔ la megblɔ bena: Kristo la ava atso Dawid ƒe ƒome kple Betlexem-kɔƒe, afisi Dawid nɔ la me o mahã?


Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.


eye eyama tre dzɔdzɔ na nuwo katã, eye nuwo katã nɔa anyi le eyama me,


Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.


Elabena edze ƒã bena, mia Aƒetɔ la ɖo tso Yuda-to la me, to, si Mose megblɔ nyaa ɖeke na le nunɔlanyenye ŋuti o.


Nusi li tso gɔmedzedzea me, nusi miese, nusi míekpɔ kple míaƒe ŋkuwo, nusi míekpɔ kɔte, eye míeƒo asii kpɔ, le agbenya la ŋuti —


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena:


Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.


Eye ɖekakpuia ɖe tso Betlexem-Yuda le Yuda ƒe ƒome la me; enye Lewitɔ, eye wònye amedzro le afima.


Le ɣeyiɣi, siwo me ʋɔnudrɔ̃lawo le dziɖum la, dɔ va anyigba la dzi. Eye ŋutsua ɖe kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu eveawoʋu tso Betlexem-Yuda, bena woaɖanɔ Moab-nyigba dzi.


Tete duametɔ, siwo katã le agboa nu kple ame tsitsiawo gblɔ bena: Míawoe nye ɖasefo! Yehowa nawɔ na nyɔnu, si le aƒewò me va ge la, abe Raxel kple Lea, nyɔnu, siwo kple eve ɖo Israel ƒe aƒe la tè dzi la ene! Wò alɔ nede dzi le Efrata, eye wò ŋkɔ nenyɔ le Betlexem!


Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!


Dawid enye Efrattɔ ma, si tso Betlexem le Yuda, amesi ŋkɔ nye Isai la, ƒe vi; viŋutsu enyi le esi, eye wònye amegã ɖeɖi le ŋutsuwo dome le Saul ŋɔli.


Tsɔ notsi babla lalã ewo siawo yi na ame akpe ƒe amegã, eye bia nɔviwòwo be, woli sesĩe mahã? Eye xɔ dzesi tso wo gbɔ vɛ!


Eyata miyi ɖadii le bebeƒe, siwo katã wòɣla ɖo la, eye ne mienyae vavã la, ekema migbugbɔ va gbɔnye, ne mayi kpli mi! Nenye be, ele anyigba la dzi la, ekema madii le Yuda ƒe ame akpeawo katã dome.


Atsɔ wo ado amegãwo ɖe ame akpe kple ame blaatɔ̃ nu na eɖokui, woaŋlɔ agble nɛ, eye woaŋe nu nɛ, woatu aʋawɔnuwo ne, eye woawɔ tasiaɖam ŋu nuwo nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa