Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Maho wò Aserawo ɖa le dowòme, eye magblẽ wò duwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Matɔ dzo wò aklamakpakpɛwo eye magbã wò legba siwo nèwɔ kple wò asiwo be màgade ta agu na wo o.

Onani mutuwo Koperani




Mika 5:13
17 Mawu Ofanana  

Eye legbawo nu ayi keŋkeŋ.


Legbawo yɔ eƒe anyigba dzi fũ; wode ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, nusiwo woawo ŋutɔwo ƒe asibide wɔ.


Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Woata dzo wò xɔwo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋku me; matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye magaxe gboloho azɔ o.


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Womagatsɔ woƒe legbawo kple woƒe ŋunyɔnuwo kpakple woƒe dzidadawo katã agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui azɔ o, maɖe wo tso woƒe dzidada, siwo katã wotsɔ wɔ nuvɔ̃e la me, eve makɔ wo ŋu, ne woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo.


Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Woƒe dzi dze eve, eyata woakpɔe ɖe enu; agbã woƒe vɔsamlekpuiwo, eye wòagblẽ woƒe legbawo.


Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!


Amewo aganu eƒe vɔvɔli te, eye woaƒã bli; woaƒo se abe weinka ene, eye woaxɔ ŋkɔ abe Libanon ƒe wein ene.


Ke ŋuwò la, ale Yehowa ɖo ɖi enye si: Womagatsɔ wò ŋkɔ aƒã azɔ o; matsrɔ aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo ɖa le wò mawuwo ƒe me; maɖe yɔɖo na wò, elabena èle wodzoe akpa.


Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu, eye ma-tsrɔ̃ Baal ƒe susɔea ɖa le teƒe sia akpe ɖe trɔ̃nuawo kple nunɔlawo ƒe ŋkɔ ŋu;


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Le ɣemaɣi la matsrɔ̃ legbawo ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, eye womagava ŋku dzi na ame azɔ o; eye mana nyagblɔɖilawo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã nu natso le anyigba dzi.


Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o.


Eye ŋutsu atɔ̃, siwo ɖatsa ŋku anyigba dzi la, yi ɖage ɖe me, eye wotsɔ aklama kpakpɛ kple kɔmewu, aƒeli kple legba la, le esime nunɔla la kple ŋutsu alafa ade, siwo bla akpa la, tsi tre ɖe agboa nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa