10 Matsrɔ̃ wò anyigba ɖzl duwo, eye magbã wò mɔ̃ sesẽwo katã aƒu anyi.
10 Yehowa be: “Le gbe ma gbe la, matsrɔ̃ miaƒe sɔwo eye magblẽ miaƒe tasiaɖamwo
Klosalo kple sika yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe kesinɔnuwo teƒe mekɔ o; sɔwo yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe tasiaɖamwo teƒe mekɔ o.
Vava, alakpae nye togbɛwo kple howɔwɔ le towo dzi; vava, Israel ƒe xɔname le Yehowa, mía Mawu la gbɔ.
Ke makpɔ nublanu: na Yuda ƒe aƒe la, eye maxa na wo to Yehowa, woƒe Mawu la dzi, menye dati, yi kple aʋawɔwɔ, sɔwo kple sɔdolawo matsɔ axa na wo o.
Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!
mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.
Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.