Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke wò lãhawo ƒe xɔ tsrala, wò Zion-nyɔnuvi ƒe toghɛ, dziɖuɖu tsãtɔ asu asiwò, Yerusalem-nyɔnuvl ƒe fiaɖuƒe asu asiwò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke wò la, O nye alẽha ƒe gbetakpɔla, O Zion nyɔnuvi ƒe togbɛ, dziɖuɖu agava na wò abe tsã ene. Dziɖuɖu ƒe ŋusẽ agava na wò abe tsã ene eye fiaɖuɖu agava na Yerusalem vinyɔnu.”

Onani mutuwo Koperani




Mika 4:8
23 Mawu Ofanana  

Emegbe la Israel gadze mɔ, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe Migdal-Edel godo.


Ke Dawid xa Zion-mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du.


Palal, Uzai vi, ɖɔe ɖo le tɔtrɔƒe la kple xɔ tsrala dzigbetɔ, si le fiasã ŋu le gãxɔ ƒe xɔxɔnu la kasa; eye Pedaya, Paros vi, dze eyome.


Mi agbowo, mikɔ ta dzi, mi blemaʋɔtruwo, mitɔ dzi, ne bubufia la nage ɖe eme!


Zion-to, si nye fia gã la ƒe nu, kɔ eɖokui ɖe dzi nyuie le anyiehe kekeake, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la.


Anyigba ƒe mlɔenu ke mele yɔwòm tsoe, esime nu te nye dzi ŋu; tsɔm ɖo agakpe, si kɔ nam akpa la dzi!


Wò ka le abe Dawid ƒe xɔ tsrala, si wotu bena gbetakpɔkpɔ ene Woku akpoxɔnu gagã akpe de eŋu, siwo katã nye kalẽtɔwo ƒe akpoxɔnuwo.


Magaɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na wò abe tsã ene, kple adaŋudelawo na wò abe le gɔmedzedzea me ene. Esia megbe woayɔ wò be dzɔdzɔenyenye ƒe du, du wɔnuteƒe.


Egbea ke wòadze aʋa ɖe Nob, eye wòanye eƒe asi ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe to, Yerusalem ƒe togbe la ŋu.


Edzobo eme, eɖe kpewo le eme, eye wòdo weinka nyuitɔwo ɖe eme, etu xɔ tsrala ɖe etitina, ekpa weinfiãnu hã da ɖe eme hele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo; ke etse ʋukatsetsewo.


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe.


Xɔnametɔwo ava Zionto la dzi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu Esau ƒe towo, eye fiaɖuƒe la anye Yehowa to.


Maƒo Yakob nu ƒu blibo, eye makplɔ Israel ƒe ame mamleawo ɖe du; maƒo wo nu ƒu ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene, abe lãha le lãnyiƒe titina ene; eye afima agblẽ kple amegbetɔwo.


Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Mi gatɔ siwo le mɔ kpɔm, mitrɔ gbɔ va mɔ̃ sesẽ la me! Mele gbe ƒã ɖem egbea be: Maɖo eteƒe na wò zi gbɔ zi eve.


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Ame atso Yakob me aɖu dzi, eye wòawu amesiwo kpɔtɔ ɖe duwo me.


Mise lo bubu: Aƒetɔa ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe.


Eye wòde asi nuƒoƒo me na wole lododowo me bena: Amea ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na agbledelawo heyi nugbe.


ɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la dzi, menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã,


Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa