Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 4:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena ne ɖukɔ-wo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Dukɔwo katã ate ŋu azɔ le woƒe mawuwo ƒe ŋkɔ me gake míawo ya míazɔ le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me tegbetegbe.

Onani mutuwo Koperani




Mika 4:5
19 Mawu Ofanana  

Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Ke dukɔ sia dukɔ wɔ mawuwo na eɖokui, eye wotsɔ wo ɖo nuxeƒexɔ, siwo Samariatɔwo wɔ la me; dukɔ sia dukɔ wɔe ɖe du, si me wòle la me.


Vaseɖe egbegbe wogale woƒe kɔnu xoxoawo dzi; womevɔ̃a Yehowa ɖeɖe o, eye womewɔna le woƒe dodowo kple woƒe kɔnuwo ɖeɖe nu loo, alo wona le nufiafia kple se, siwo Yehowa de na Yakob, amesi wotsɔ ŋkɔ na be Israel ƒe viwo la nu o.


Míatso aseye ɖe wò xɔname ŋu, eye míado aflaga ɖe dzi le mía Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa nawɔ wò biabiawo katã dzi na wò.


Milé ŋku de eƒe agbogbowo ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo!


Mado kple Aƒetɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenyenye ɖeɖeko mekafu.


Yakob ƒe aƒe, mitso, ne míazɔ le Yehowa ƒe kekeli me!


Yehowa, mía Mawu, ame geɖewo ɖu aƒetɔ ɖe mia dzi hekpe ɖe ŋuwò; wò ɖeɖe kple wò ŋkɔ ko míakafu!


Yehowa, míekpɔ ma na wò le wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ƒe mo dzi ke hã; wò ŋkɔ kple wò kafukafu dzro luʋɔwo.


Mabla nu mavɔ kpli wo, ale be nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o. Made ŋunye vɔvɔ̃ woƒe dzi me, be womagate ɖa le ŋunye o.


Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe.


amesi le dzidzime, siwo va yi la me la, wòna dukɔwo katã zɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔwo dzi.


eyata ɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi!


Azɔ abe alesi míexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, nenema ke mizɔ le eyama me,


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa