Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 4:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zehaotƒe nue gblɔe,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ame sia ame anɔ anyi bɔkɔɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe wainka kple gboti te; eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo azɔ o elabena Yehowa, dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Mika 4:4
25 Mawu Ofanana  

Eye Yuda kple Israel dome amesiame nɔ eƒe weinka kple gboti te bɔkɔɔ tso Dan vaseɖe Beer-Seba le Salomo ƒe agbe me ŋkekewo me.


Amlɔ anyi, eye amea ɖeke maɖo vodi na wò o, eye ame geɖewo akɔ mo ɖe ŋuwò.


Towo kple togbɛwo netsɔ dzɔdzɔenyenye he ŋutifafa vɛ na dukɔ la!


Ne ŋɔdzi ƒo ɖi kpoyi, eye gbegblẽ va ame vɔ̃ɖiwo dzi la, dzika metso ƒowò o.


Ke ne miegbe, eye miesẽ to la, yi aɖu mi, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Woagblẽ Aroer ƒe duwo ɖi woazu lãhawo to, woatsyɔ akɔ anyi ɖe afima, eye amea ɖeke maɖo voɖi na wo o.


Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti, si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!


Yehowa, wodi wò le hiã me, eye esi wò tohename va wo dzi la, wotrɔ woƒe dzi me nya wo ƒo ɖe anyi.


dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee.


Miganɔ to ɖom Xizkiya o; elabena ale Asur-fia gblɔ esi: Mibla nu kplim, eye miɖo va gbɔnye, eye mia dome amesiame naɖu eƒe weintsetse, amesiame naɖu eƒe gbotitsetse, eye amesiame nano eƒe vudo me tsi,


ne Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe naɖe eɖokui afia, eye ŋutilãwo katã nakpɔe; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Dzɔdzɔenyenye woatsɔ ali ke wò; anɔ adzɔge na ŋutasesẽ, elabena mavɔ̃ o, eye anɔ adzɔge na ŋɔdzi, elabena mate ɖe ŋuwò o.


ekema akpɔ dzidzɔ le Yehowa ŋu, mana naɖe anyigba ƒe kɔkɔƒewo, eye mana naɖu fofowò Yakob ƒe domenyinu; elabena Yehowa ƒe nue gblɔe!


Eye maɖo lãkplɔviwo wo nu, amesiwo anyi wo; womagavɔ̃ azɔ o, dzi magaɖe le wo ƒo o, eye wo dometɔa ɖeke mabu o, Yehowa ye gblɔe.“


Yehowa be: Eyata nye ɖɔla Yakob, megavɔ̃ o, Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò tso didiƒe kple wò ƒome tso anyigba, si dzi woɖe aboyoe yi la dzi; Yakob agatrɔ agbɔ, eye wòagbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, amea ɖeke mado voɖi nɛ o.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.


Womaganye nuhaha na dukɔwo azɔ o, gbemelã magaɖu wo o, eye woanɔ anyi aɖe dzi ɖi, amea ɖeke maɖo voɖi na wo o.


agblɔ bena: Maho ɖe anyigba, si le nuvo la ŋu eye maƒo ɖe amesiwo li bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi la dzi, amesiwo li, eye gli, gameti kple agbo mele wo si o,


Eye woaŋlɔ woƒe ŋukpewo katã kple go, siwo katã wodze ɖe ŋunye la be, nenye be, wogale woƒe anyigba dzi bɔkɔɔ, eye amea ɖeke medoa voɖi na wo o.


Mana anyigba dzi nata, miadɔ alɔ, eye amea ɖeke maɖo voɖi na mi o; manye lã wɔadãwo ɖa le miaƒe anyigba dzi, eye yi mato miaƒe anyigba dzi ayi o.


Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.


Israel ƒe ame mamleawo mawɔ nu gbegblẽ o, womaka aʋatso o, eye alakpaɖe manɔ nu me na wo o; ke hoŋ woaɖu nu, eye woatsyɔ akɔ anyi ɖl, amea ɖeke maɖo voɖl na wo o.


Ɣemaɣl la mia ɖome amesiame akpe nɔvla ayi weinka kple gbotiwo te, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa