Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Zion-nyɔnuvi; ƒo togotogoe nalé ku abe uyɔnu, si le vi ɖzim la ene! Elabena ele na wò be, naʋu le ɖua me aɖanɔ gbedadaƒo, eye naɖe Babel ke; afima woaɖe wò le, eye afima Yehowa axɔ wò le wò fu-tɔwo si me le.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 O Zion nyɔnuvi, ƒo dablibɛ, nàlé ku abe nyɔnu si le vi dzim la ene, elabena tso azɔ dzi yina la, àdzo le du sia me aɖanɔ gbegbe, woakplɔ wò ayi ɖe aboyo me le Babilonianyigba dzi, gake le afi sia la, maɖe wò. Le afi ma la, Yehowa aɖe wò tso futɔwo ƒe asi me.

Onani mutuwo Koperani




Mika 4:10
27 Mawu Ofanana  

Eye woakplɔ viwòŋutsu, siwo dzɔ tso mewò, amesiwo nèdzi la, dometɔa ɖewo woaɖanye aƒemenu dzikpɔlawo le Babel-fia ƒe me.


woɖe mɔ ɖe du la ŋu, eye aʋawɔlawo katã si le zã me to fia ƒe abɔ ƒe agbo, si le gli eve dome la ƒe mɔ dzi, esime Kaldeatɔwo ƒo xlã dua, eye woto tagbamɔ.


Eyata Yehowa na Asur-fia; ƒe aʋafiawo va ƒo ɖe wo dzi: wode ga Manase heɖe aboyoe, eye woɖe kɔsɔkɔsɔe hekplɔe yi Babel.


Ekplɔ amesiwo metsi yi nu o la, yi Babel, eye wòzu eya kple viawo ƒe dɔlawo, vaseɖe esime Persiatɔwo ƒe dziɖuɣi ɖo,


Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye ɖe Yerusalem le Yuda. Eyata mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi, eye Yehowa, eƒe Mawu la, anɔ kplii!


Exɔ na wo tso ketɔ la si me, eye wòɖe wo mo futɔ la ƒe ŋusẽ me.


Ale Yehowa, miaƒe xɔnametɔ, Israel ƒe kɔkɔetɔ la, gblɔ esi: Le mia tae medɔ ame ɖo ɖe Babel, eye mena wonyã amewo ɖe nu, eye wonyã Kaldeatɔwo ɖo ɖe woƒe ʋu, siwo me wokpɔ dzidzɔ le tsã la me.


Menyae le dzɔdzɔenyenye me, eye mala eƒe mɔwo katã. Eyae atso nye du la, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋu, menye le ga alo nunana ta o; Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Mitso aseyetsotso ʋu tso Babel, eye nusi tso Kaldea-nyigba dzi! Migblɔ nusia, eye miɖe gbe ƒãe, mihee yi anyigba ƒe mlɔenu ke, migblɔ be: Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob!


Tsɔ alidziblanu, si nèƒle wòle ali na wò la, eye natso ayi Frat nu aɖaɣlae ɖe kpeto me le afima.


maɖe wò le ame vɔ̃ɖiwo si me, eye maxɔ wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.


Ke mi aboyomewo katã, amesiwo mena wokplɔ tso Yerusalem yi Babel la, mise Yehowa ƒe nya!


Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!


Wòxɔ duwo, eye wòxɔ mɔ̃ sesẽwo. Moab-kalẽtɔwo ƒe dzi le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Eye Babel-fia da nu wo hewu wo le Ribla le Xamat-nyigba dzi. Ale woɖe aboyo Yuda tso edenyigba dzi.


Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.


Magblẽ eƒe weinkawo kple aƒe gbotiwo, siwo ŋu wògblɔ le be, nunana wonye na ye, yeƒe ahlãvlwoe na ye la, eye mana woazu ave, ne gbemelãwo naɖu wo!


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Ado ahatsɔ Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawu, Yehowa ŋkɔ ƒe gãnye-nye anyi woe, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ, elabena alolo azɔ vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu.


Eye wotsɔ hɔ̃ gãa ɖe ƒe aʋala eve na nyɔnu la, bena wòadzo ayi gbedzi ayi ɖe teƒe, afisi woanyii le ɣeyiɣia ɖe kple ɣeyiɣiwo kpakple ɣeyiɣi afã tso da la ƒe ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa