Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Miɖo tom, mi Yakob ƒe aƒe ƒe kplɔlawo kple mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Mi ame siwo gbe nu le dzɔdzɔenyenye gbɔ eye mietrɔa gbo nu siwo katã le dzɔdzɔe.

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:9
16 Mawu Ofanana  

Tete meka mo na Yuda-bubumewo gblɔ na wo bena: Nu gbegblẽ ka nye esi wɔm miele hele kɔ gblẽm do na dzudzɔgbe la?


Heyi, ne naƒo Israel-viwo ƒe ame tsitsiwo nu fu, eye nagblɔ na wo bena: Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, de eɖokui liam gblɔ bena: Medo ŋku mia dzi, eye mekpɔ nusi dzɔ de mia dzi le Egipte.


Amesi tso afia nyui na ame vɔ̃ɖi kple amesi bu fɔ ame dzɔdzɔe la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye na Yehowa.


Ame vɔ̃ɖi xɔa zãnu tsoa akɔnu, ne yeaglɔ̃ nya dzɔdzɔe ƒe mɔ.


Ame vɔ̃ɖi dziɖeɖe, ne woate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ me la, menyo o.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe sesẽnuwɔwɔ tsrɔ̃a wo; elabena wogbea nusi dzɔ la wɔwɔ.


Wò amegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃; wo dome amesiame lɔ̃a zãnunana, eye wotia fetu yome; womedrɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo o, eye ahosiwo ƒe nya medea wo gbe o.


Woda ami lalala, eye vɔ̃ɖiwɔwɔ yɔ wo gbagba; womedrɔ̃a nya o, womedrɔ̃a tsyɔ̃eviwo ƒe nya, be wòadze edzi na wo o, eye womedrɔ̃a nya na ame dahewo o.


Woafia vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome, kpakple vovo, si le nu madzamadza kple nu dzadzɛ dome la, nye dukɔ.


Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwe miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi


ne mieɖe nye ɖoɖoawo ɖa, mieɖo vlo nye seawo, eye miewɔ nye seawo katã dzi o, eye mietu nye nubabla la,


mi amesiwo trɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa, eye miete dzoe dzɔenyenye ɖe to!


Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa?


Amesi te amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ƒe nya ɖe to la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa