Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke nye la, ŋusẽ kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ, dzɔdzɔenyenye kple dzideƒo yɔm fũ, ne magblɔ Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe nuvɔ̃wo nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke nye la, ŋusẽ yɔ menye taŋtaŋ, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta matsɔ dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ aɖe gbeƒã Yakob ƒe nu tovowo wɔwɔ kple Israel ƒe nu vɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:8
28 Mawu Ofanana  

Elabena nya yɔm banaa, eye helehele tsi akɔta nam.


He vekati nado ɣli, megadzudzɔ o! Wò gbe nede dzi abe kpẽ ene, eye nagblɔ nye dukɔ ƒe vodada nɛ kple Yakob ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo nɛ!


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


maɖe gbe ƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne mafa akɔ na konyifalawo katã;


Kpɔ ɖa, nyea matsɔ wò awɔ ɖu sesẽ, gasɔti kple akɔbligli egbea ɖe anyigba blibo la nu, ɖe Yuda-fiawo, eƒe amegãwo, eƒe nunɔlawo kple dukɔ hahoo la ŋuti.


Eye ne mebe, maɖe ŋku ɖa le edzi, eye magaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o la, enɔa nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia ko nam, eye wògloam.


Ke Yehowa ƒe dɔmedzoe yɔm fũ, eye eléle ɖe dɔ me tim. Trɔe kɔ ɖe ɖeviwo dzi le ablɔ me kple ɖekakpuiwo ƒe ha siaa dzi; elabena woalé ŋutsu kple nyɔnu, ame tsi-tsi kple amegã ɖeɖi siaa!


Wò nyagblɔdilawo gblɔ alakpanya kple nya mastatsa ɖi na wò, eye womeklo nu le wò vodadawo dzi, ne woagaɖo wò te o, ke boŋ wogblɔ alakpanya kple ameflunya ɖi na wò.


Amevi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwo katã fiae.


Màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa, amevi, màdrɔ ʋɔnu wo oa? Ɖe wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwo fia wo!


Amevi, ɖe nebe, yeadrɔ̃ ʋɔnu, yeadrɔ̃ ʋɔnu hlɔ̃dodu laa? Ekema ɖe eƒe ŋunyɔnuwo katã fiae


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Amevi, ɖe nèbe, yeadrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba? Ekema ɖe woƒe ŋunyɔnuwo fia wo.


Tete gbɔgbɔ la kɔm dzoe, eye melé nye mɔ tsɔ, dzi kum vevie, eye Yehowa ƒe asi nu sẽ ɖe dzinye.


Amevi, fia gbedoxɔ la Israel ƒe aƒe la, ne woƒe vodadawo nakpe ŋu na wo; eye na woadzidze eƒe nɔnɔme.


elabena ele nu fiãm wo abe amesi si ŋusẽ le ene, eye menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.


Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo;


eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa