Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ŋu-kpe alé nukpɔlawo, bokɔnɔwo ƒe mo atsi ɖã, eye wo katã woabla nu ɖe ge, elabena Mawu megale nya ŋu ɖom azɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Miaƒe nukpɔlawo aɖu ŋukpe eye woado ŋukpe miaƒe nukalawo. Woatsɔ asi atsyɔ mo elabena gbe aɖeke metso Mawu gbɔ na wo o.”

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:7
19 Mawu Ofanana  

Míele míaƒe dzesiwo kpɔm o; nyagblɔɖilaa ɖeke megali o, eye amea ɖeke mele mía dome anya ɣesiɣi wòava ase ɖo o.


Ke afakalawo mete ŋu no te ɖe Mose nu o, le ƒoƒoeawo ta, elabena ƒoƒoeawo te afakalawo hã abe Egiptetɔwo katã ene.


Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya;


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Ɖe hũ le adza me, eye megawɔ kunu o; bia ta, eye nado atokota ɖe afɔ, megabla nu ɖe wò ge o, eye megaɖu konyifabolo o.


Eye miawɔ pɛpɛpɛ abe nye ene: miabla nu ɖe ge o, eye miaɖu konyifabolo o,


Ɖovu nanɔ anyidzela ŋu, wòagblẽ eƒe ta ɖi wòato, eye wòabla glã anɔ ɣli ɖom bena: Busue! busue!


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke, menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.


Emegbe woado ɣli ayɔ Yehowa, ke matɔ na wo o, eye wòaɣla ŋku me ɖe wo ɣemaɣl le woƒe nuwɔua vɔ̃ɖlwo ta.


Dukɔwo akpɔe, eye woƒe ŋusẽwo katã akpe ŋu na wo, woatsɔ asi aɖo nu, eye woƒe towo me atsi.


Le ɣemaɣi la ŋu akpe nyagblɔɖilawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ŋutega ŋu, ne egblɔ nya ɖi, eye womaɖo lãfuwu, be woaflu ame o.


Eye Saul bia nu Mawu se bena: Maho dze Filistitɔwo yomea? Atsɔ wo ade asi na Israel mahã? Ke meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ gbemagbe o.


Eye Samuel gblɔ na Saul bena: Nukaŋuti neɖe fu nam, eye nèna wokplɔm vɛ? Saul ɖo ŋu bena: Meɖo xaxa me ŋutɔ: Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ ʋu le yonyeme, eye megale nya ŋu ɖom nam azɔ to nyagblɔɖilawo dzi loo alo to drɔ̃e me o; eyata mena woyɔ wò vɛ, ne nagblɔ nusi mawɔ la nam!


Eye Saul bia nu Yehowa, ke Yehowa meɖo ŋu nɛ le drɔ̃e me loo alo to Urim alo nyagblɔɖilawo dzi o.


Tsã, ne woyina nu bia ge Mawu le Israel la, wogblɔna bena: Mina miayi nukpɔla gbɔ! Elabena amesi woyɔna fifia be nyagblɔɖila la, eya woyɔna tsã be nukpɔla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa