Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata zã ghɔna ɖoɖo ge na ml, miakpɔ ŋutega o; blukɔ le dodo ge na mi, miaka afã o; ɣe aɖo to ɖe nyagblɔɖilawo, eye ŋke-ke anyɔ tsiɖitsiɖi ɖe wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Zã ado aƒo xlã mi eye miegale ŋutega kpɔ ge o; viviti atsyɔ mia dzi eye Mawu ƒe gbe mava na mi o. Ɣe aɖo to ɖe mia dzi eye ŋkeke ado viviti na mi.

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:6
14 Mawu Ofanana  

Míele míaƒe dzesiwo kpɔm o; nyagblɔɖilaa ɖeke megali o, eye amea ɖeke mele mía dome anya ɣesiɣi wòava ase ɖo o.


Elabena Yehowa trɔ alɔ̃dɔdɔ sesẽ ƒe gbɔgbɔ kɔ ɖe mia dzi, etre miaƒe ŋkuwò, siwo nye nyagblɔɖilawo, eye wotsyɔ nu miaƒe tawo, siwo nye nunɔlawo.


Miele asi tsam le gli ŋu abe ŋkuagbãtɔwo ene, eye míele asi tsam abe ŋkunɔwo ene. Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ abe le zã me ene, eye miele ame damiwo dome abe ame kukuwo ene!


Miɖe bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu, hafi ne blukɔ nava do, hafi miaƒe afɔ nava kli blukɔ ƒe towo, eye mianɔ mo kpɔm na kekeli, gake wòana woazu tsizi, eye wòana viviti nado.


Nu te vi adre nɔ ŋu, eye eƒe luʋɔ dzo le eme; eƒe ɣe ɖo to le keli me, ŋukpe lée, eye eƒe mo tsi dã; matsɔ eƒe ame susɔeawo ade asi na yi le eƒe futɔwo nu, Yehowa ye gblɔe.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Nye asi ava nyagblɔɖila, siwo kpɔa nu dzodzroa, eye wogblɔa alakpanya ɖi la dzi: womanɔ nye dukɔ ƒe ha me o, womaŋlɔ wo ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe agbalẽ me o, eye womade Israel-nyigba dzi o, ne wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya ava ɖe ŋɔdzinya yome; woadi ŋutega tso nyagblɔɖilawo si, nufiame abu ɖe nunɔlawo, eye adaŋudede de ame tsitsiwo.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke, menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.


Wole gbɔgblɔm be: Migagblɔ nya o, migagblɔ nya siawo tɔgbe o, vlodoame nu metso o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa