Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ale Yehowa gblɔ ɖe nyagblɔɖilawo ŋu, wo amesiwo kplɔa nye ɖukɔ tranae, eye ne woƒe aɖu kpɔ nu le ɖuɖum la, woɖoa boblo ŋutl-fafa, ke wotsɔa aʋa ɖe amesi mena nu wo, be woaɖu o ŋu la, enye si:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:5
25 Mawu Ofanana  

Amedzidede menyo o, abolo kakɛ pɛ hã ana ame dada vo.


Nye dukɔ ƒe ŋutasẽlawo nye ɖeviwo, eye nyɔnuwo ɖu fia ɖe wo dzi. Nye dukɔ, kplɔwòlawo nye ameflula wo, eye wobaɖa wò toƒe ƒe mɔwo.


Wo amesiwo di be, yewoatsɔ yewoƒe drɔ̃ekuku, siwo wo dome amesiame li na ehavi la, ana nye dukɔ naŋlɔ nye ŋkɔ be, abe alesi wo fofowo ŋlɔ nye ŋkɔ be le Baal ŋuti ene.


Kpɔ ɖa, ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe amesiwo tsɔ alakpa drɔ̃ewo gblɔa nya ɖi, eye wolia wo la dzi, amesiwo tsɔa woƒe alakpadadawo kple adegbeƒoƒowo kplɔa nye dukɔ tranae, evɔ wònye nyemedɔ wo o, eye nyemeɖo wo ɖa o hafi; womenye viɖea ɖeke na nye dukɔ o, Yehowa ye gblɔe.


Wotre nye dukɔ ƒe gbagbãƒe betsebetse hele gbɔgblɔm be: Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.


„Mikɔ aʋawɔwɔ ŋu ɖe eŋu! Mitso, ne míaho le ŋdɔ! Baba na mi, be anyinu le wɔwɔm, eye ɣetrɔ ƒe vɔvɔli le kekem ɖe nu!


Wò nyagblɔdilawo gblɔ alakpanya kple nya mastatsa ɖi na wò, eye womeklo nu le wò vodadawo dzi, ne woagaɖo wò te o, ke boŋ wogblɔ alakpanya kple ameflunya ɖi na wò.


Nye asi ava nyagblɔɖila, siwo kpɔa nu dzodzroa, eye wogblɔa alakpanya ɖi la dzi: womanɔ nye dukɔ ƒe ha me o, womaŋlɔ wo ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe agbalẽ me o, eye womade Israel-nyigba dzi o, ne wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.


Eyata àdze anyi le ŋkeke me, nunɔla hã adze enyi akpe ɖe ŋuwò le zã me, eye matsrɔ̃ dawò.


Ne amea ɖe le ya yome lelele, eye wòɖa alakpa be: „Magblɔ nya na mi le wein kple aha muame ŋu“ la, eya anye nyagblɔla asɔe na dukɔ sia.


Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔ-lawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖl le ga ta; woziɔna ɖe Yehowa ŋu nɔa gbɔgblɔm be: Ɖe Yehowa mele mia dome oa? Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mele mia, dzi va ge o.


Ke miawo miele ɖa le mo dzi, mietsɔ nufiame na ame geɖewo dze anyi, eye miegblẽ Lewi ƒe nubabla la ɖome. Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.


Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, eva le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo.


Elabena nenem mesiawo mesubɔa mía Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke woƒe ƒodo boŋ wosubɔna, eye wotsɔ nuƒoƒo nyui kple yayranyawo blea amesiwo mesusu vɔ̃a ɖeke o la ƒe dziwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa