Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mi amesiwo léa fu nyui, eye mielɔ̃a vɔ̃, mievuvua agbalẽ lewo ŋu kple lã le woƒe ƒuwo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvu ayi le nye amewo ŋu ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:2
32 Mawu Ofanana  

Tete Axab gblɔ na Eliya bena: Nye keto, èkpɔma? Eɖo ŋu bena: Mekpɔ wò; elabena ètsɔ ɖokuiwò ƒle na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋku me.


Tete nukpɔla Yehu, Xanani vi, yi ɖakpee, eye wogblɔ na fia Yosafat bena: Ame vlo ŋu nèyi ɖakpe ɖoa, eye nèlɔ amesi lé fu Yehowa a? Le esia ta Yehowa ƒe dɔmedzoe va dziwò ɖo.


amesi ƒe ŋku me ame vɔ̃ɖi meɖia naneke le o, ke ebua amesiwo vɔ̃a Yehowa la; amesi ka atam, si me eya ŋutɔ ƒe gbegblẽ tsona, ke megatrɔnɛ o;


Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o!


Amesiwo ɖe asi le se la ŋu la, kafua ame vɔ̃ɖiwo, ke amesiwo dzraa se ɖo la, dzea agbo ɖe wo ŋu.


Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ƒe gbe enye si be: Nukaŋuti mienyã avuzi le nye dukɔ dzi, eye mieto hiãtɔwo ƒe mo nyanyanya?


Baba na amesiwo yɔa vɔ̃ be nyui kple nyui be vɔ̃, amesiwo tsɔa viviti wɔa kekelii, eye wotso kekeli wo vivitii, amesiwo tsoa veve wɔa vivii, eye wotsɔa vivi wo vevee!


Maɖe wò dzɔdzɔenyenye afia; ke wò dɔwɔwɔwo maxɔ na wo o.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miaƒe ame kuku, siwo mietsɔ da ɖe dua me la, woawoe nye lã, eye eyamae nye kutu; ke miawo la, woakplɔ mi adzoe le eme.


Eƒe amegãwo le abe amegãxi lénuwo ene le eme, ne wòakɔ ʋu ɖe anyi, woatsrɔ̃ amewo, eye woakpɔ viɖe.


Fɔ lãkɔwo de eme, lãkɔ nyuiwo katã, alime kple abɔgba; tso ƒu nyuiawo de eme fũ.


Mieno notsi, mietsɔ lãfu wɔ avɔe ta, eye miewu lã damiwo, ke mienyi alẽawo o.


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui, eye mifɔ nya dzɔdzɔe ɖe tsitrenu le ʋɔnu, amea ɖe menya nu o Yehowa, Mawu Zebaot, ave Yosef ƒe ame mamleawo nu.


Ke gbaɖegbe ke nye ɖukɔ dze aglã hezu ketɔ: Mieɖe awu ʋlaya le amesiwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ va tso me yina la ƒe awuwo dzi, abe aʋae miegbɔ tso ene.


Nuteƒewɔlawo nu yi le anyigba ɖzi, eye ame dzɔdzɔea ɖeke megale amegbetɔwo dome o; wo kalã wode xa ɖe ʋu ŋu, eye woɖo ɖɔ na wo nɔewo.


Vɔ̃ɖiwɔwɔ sɔ alɔ me na wo; amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔuu le fetu ta, eye dumegãwo gblɔa nusi le wo dzrom; ale woblua afɔ na nya.


Eƒe amegawo le eme abe dzata ɖegbe ene, eye eƒe ʋɔnuɖrɔ̃lawo le abe amegãxi, siwo le zã me, eye womekpɔtɔa naneke ɖi na ŋdi o la ene.


Ke eƒe dumetɔwo lé fui, eye wodɔ ame ɖe eyome gblɔ bena: Mielɔ̃ bena, amesia naɖu fia ɖe mia dzi o.


Tete la wo katã gaɖo ɣli gblɔ bena: Menye amesia o, ke boŋ Baraba. Ke Baraba la adzodalae.


Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔ wo vɔ̃ɖi.


amesiwo nya Mawu ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe la kɔte bena, amesiwo wɔa nusiawo la, wodze ku; eye womewɔa nusiawo ɖeɖeko o, hafi boŋ wokpɔa dzidzɔ le amesiwo wɔne la hã ŋuti.


Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!


amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa