Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:12
18 Mawu Ofanana  

anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Asaƒ ƒe ha. Mawu, dukɔwo nye zi de wò domenyinu dzi, wogblẽ kɔ ɖo na wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wotsɔ Yerusalem wɔ anyiglãgoe.


Elabena fiasãwo zu xɔdo, eye du, si me zi na la, zu gbegbe, togbɛ kple gbetakpɔxɔ zu agado, wòzu gbetedziwo ƒe adzrɔɖiƒe kple gbeɖuƒe na lãhawo,


Matsɔ nye to le agble me, wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo katã kpakple wò nuxeƒewo ana woaha, le nuvɔ̃, siwo nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ŋuti.


Yehowa be: Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩ!


Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia ƒe aƒe ŋu enye si: Gilead kple Libanon-ta me nènye nam, ke mawɔ wò nazu gbegbe kple du ɖiaƒedo.


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi; Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu la, ava wo dzi, elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke womete o.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Miekpɔ dzɔgbevɔ̃e, siwo katã mehe va Yerusalem kple Yuda-duwo katã dzi, eye kpɔ ɖa, wòzu aƒedowo egbe siawo, eye amea ɖeke mele wo me o,


eye wòtɔ dzo Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe, Yerusalem-xɔwo katã kple bubumewo ƒe xɔwo katã.


Mawɔ Yerusalem woazu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.


Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.


ɖe Zion-to la ŋu, elabena ezu gbegbe, eye abeiwo le edzi tom.


Eyata matsɔ Samaria awɔ anyiglãgoe ɖe gbe me kple weingbledeƒee, malɔ eƒe kpewo aƒu gbe ɖe abu me, eye maɖi ƒeƒle eƒe agunu.


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa