Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 3:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye megblɔ bena: Mi Yakob ƒe tatɔwo kple Israel ƒe aƒe me amegãwo, ɖe menye mlaƒe dɔ wònye be, miadze si se la oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ

Onani mutuwo Koperani




Mika 3:1
21 Mawu Ofanana  

Tete meka mo na Yuda-bubumewo gblɔ na wo bena: Nu gbegblẽ ka nye esi wɔm miele hele kɔ gblẽm do na dzudzɔgbe la?


Ɖe nu vlo wɔlawo katã, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Yehowa o la, medze si esia oa?


Mi Sodom-amegãwo, mise Yehowa ƒe nya, mi Gomora-dukɔ, miƒu to anyi ɖe mía Mawu ƒe nufiame ŋu!


ne woate ame dahewo ƒe nya ɖe to, eye woada adzo nya dzɔdzɔe le nye dukɔ ƒe hiãtɔwo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woaha tsyɔ̃eviwo!


Kpɔ ɖa, Israel ƒe amegãwo dometɔ ɖesiaɖe le adegbe ƒom ɖe eƒe alɔ ŋu le mewò, ne wòakɔ ʋu ɖi.


Amevi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu, lãkplɔviawo ŋue nagblɔ nya ɖo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Baba na Israel ƒe lãkplɔviwo, amesi nyi woawo ŋutɔ ɖokui; ɖe menye lãhawoe lãkplɔviwo nanyi oa?


Mieno notsi, mietsɔ lãfu wɔ avɔe ta, eye miewu lã damiwo, ke mienyi alẽawo o.


Tete wòɖo ŋu nam bena: Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe vodada sɔ gbɔ ŋutɔ, hlɔ̃dodo yɔ anyigba dzi, eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ le dua me fũ; elabena wole gbɔgblɔm be: Yehowa gblẽ anyigba la ɖi, Yehowa mele mía kpɔm o.


Mi nunɔlawo, misee, Israel ƒe aƒe, ɖo ŋku anyi, eye mi fiaƒemetɔwe miƒu to anyi, elabena mia tɔe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la! Elabena miawoe nye mɔ̃ na Mizpa, eye miawoe nye ɖɔ woɖo ɖe Tabor dzi


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!


Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.


Ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo! A, vavãe, nunyalaa ɖeke mele mia dome oa? Ɖeka hɔ̃ meli, si ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le nɔviawo dome oa?


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa