Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 2:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mienyã nye ɖukɔ ƒe nyɔnuwo ɖa le woƒe xɔ, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me, eye miexɔ atsyɔ̃ le wo viwo si ɖikaa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ me la le woƒe aƒe nyuiwo me. Miexɔ nye yayra le wo viwo si tegbee.

Onani mutuwo Koperani




Mika 2:9
14 Mawu Ofanana  

Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Wogblẽ nye agbadɔ, eye wotso nye atagbiwo katã. Vinyewo dzo le gbɔnye, eye womegali o. Amea ɖeke meli, si agatu nye agbadɔ nam, eye woatsi nye agbadɔvɔwo o.


Matsɔ nye ŋutikɔkɔe aɖo dukɔwo dome, eye dukɔwo katã akpɔ nye ʋɔnu, si medrɔ̃, kple nye asi, si metsɔ do wo dzi.


Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo, eye vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woaɖo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.


Elabena sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.


Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.


amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.


Ke mí katã mietso ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahũhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me, abe alesi wòtso Gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la gbɔ ene.


elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.


Azɔ nye aƒetɔ nese eƒe dɔla ƒe nyawo dzro: Nenye Yehowae do wò ɖe ŋunye la, ekema axɔ vɔsa aʋẽ ase, ke nenye amegbetɔviwoe la, ekema aɖi wo ŋu le Yehowa ŋku me, elabena wonyãm egbe, be nyemagakpɔ gome le Yehowa ƒe anyigba dzi o hegblɔ bena: Yi ɖasubɔ mawu bubuwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa