Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mitso miadzo! Elabena afi menye mia nɔƒe o; le nu makɔmakɔ wɔwó ta woatsɔ gbegblẽ, si teƒe mekɔ o la, agblẽ mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Mitso ne miadzo le afi sia, elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o; elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe, ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o.

Onani mutuwo Koperani




Mika 2:10
20 Mawu Ofanana  

ekema matsrɔ̃ Israel ɖa le anyigba, si mena wo la dzi, eye mate xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Le Israel-fia Pekax ŋɔli la Asur-fia Tiglat-Pileser va, eye wòxɔ Yion, Abel-Bet-Maaxa, Yanoax, Kedes, Xazor, Gilead kple Galilea, si nye Naftali-nyigba blibo la, eye wòkplɔ wo yi Asur.


Le Hosea ƒe ƒe asiekelia me la Asur-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israel yi Asur hetsɔ wo ɖo Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kpakple Media-duwo me.


ekema mate wo ɖa le nye anyigba, si metsɔ na wo la dzi, eye maɖe xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye mawɔe wòanye hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.


Wokɔ nu maɖifɔ ɖi, si nye woƒe ŋutsuvi kple woƒe nyɔnuvi, siwo wotsɔ sa vɔ na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋu, ale be wotsɔ hlɔ̃dodo gblẽ kɔ ɖo na anyigba la.


ale be meke atam le nye dziku me be: Ne woahade nye gbɔdemeƒe la fi!


Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ anyigba dzinɔlawo aƒu gbe, eye mana woaɖe to ɖe wo, be asi natu wo.


Fɔ kɔ dzi ɖe to ƒeƒlewo ŋu, eye nakpɔ nu! Afikae womehede asi ŋuwò le o? Ede xa ɖe mɔ to na wo abe Arabiatɔwo le gbe dzi ene, eye nètsɔ wò ahasiwɔwɔ kple vɔ̃ɖiwɔwɔ do gu anyigba la.


Mi nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, eye eƒe nu me nya nege ɖe miaƒe towo me; mifia nuxaxa mia vinyɔnuwo, eye nyɔnu sia nyɔnu nefia konyifaha ehavi.


Amevi, esi Israel ƒe aƒe la nɔ woƒe anyigba dzi la, wotsɔ woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo do gui; woƒe zɔzɔ le ŋkunye me abe nyɔnu kpɔdzinu ƒe ʋu ene.


Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mehlẽ wo ɖe anyigbawo dzi; woƒe zɔzɔme kple woƒe nuwɔnawo nue medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖo.


elabena miekpɔ va gbɔɖemeƒe, eye miexɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge la haɖe o.


ekema mele egblɔm na mi egbea bena, miatsrɔ̃ avɔ kokoko, eye mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi miele Yordan tso ge ayi, be míaxɔe la dzi o.


ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa