Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 1:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata matsɔ Samaria awɔ anyiglãgoe ɖe gbe me kple weingbledeƒee, malɔ eƒe kpewo aƒu gbe ɖe abu me, eye maɖi ƒeƒle eƒe agunu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo, ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã. Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze.

Onani mutuwo Koperani




Mika 1:6
19 Mawu Ofanana  

Eye ne ede megbe yi dua ɖe me la, ekema Israel blibo la nado ka atsɔ du ma ɖe eme, eye míahee aɖakɔ ɖe, abu me, vaseɖe esime kpekula ɖeke matsi afima o!


Exɔe le ƒe etɔ̃ megbe. Woxɔ Samaria le Xizkiya ƒe ƒe adelia me, eya nye Israel-fia Hosea ƒe ƒe asiekelia.


Le fia Xizkiya ƒe ƒe enelia, si nye Israel-fia Hosea, Ela vi ƒe ƒe adrelia me la, Asur-fia Salmanaser ho ɖe Samaria ŋu, eye woɖe to ɖee.


Mesee kpɔ be, metre ewɔwɔ tso tititi ke, eye meɖoe tso gbaɖegbe ke oa? Azɔ mena wòva me, be wogblẽ du sesẽwo wòzu glikpo.


Nya ɖe Damasko ŋu: Kpɔ ɖa, woaɖe Damasko ɖa maganye du azɔ o, eye wòatrɔ zu anyiglãgo.


Eye woagbã wò gli kɔkɔ sesẽwo aƒu anyi, abɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòate wò ɖe ke me.


Elabena èna du la zu anyiglãgo, eye mɔ̃ sesẽ la zu glikpo, du bubu me towo ƒe fiasã maganye du o, eye womagatui akpɔ gbeɖegbeɖe o.


woagade weingble ɖe Samaria-towo dzi; amesi wo de wo la, woaɖu wo me kutsetse.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, maɖo nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe,


Babel azu anyiglãgo kple amegãxiwo nɔƒe, azu gbegbe kple tsiãdonu, eye ame avɔ le eme.


Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.


Aleke sika nya tsiɖitsiɖi, eye sika nyui ƒe nɔnɔme trɔ? Aleke wolɔ kpe kókɔewo kɔ ɖe kpɔɖomee ƒe dzogoewo katã dzi?


Mamũ gli, si miesi akalo na la, eye matutui aƒu anyi, ale be eƒe agunu natsi go; amũ, eye miawo miaku ɖe ete, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.


Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, gblɔ esi: Yakob ƒe dàda le ŋu nyɔm nam, melé fu eƒe fiasãwo, eye matsɔ du la kple eme nuwo ade asi.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Eho, be naxɔ na wò dukɔ, naxɔ na wò amesiamina la; egbã ta le ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe nu, eye wòɖi ƒeƒle tso afɔ gɔme vaseɖe kɔ gbɔ. Sela.


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa