Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mika 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye Yehowa ƒe nya, si va na Mixa, Moresitɔ la, eye wò-kpɔ ɖe Samaria kple Yerusalem ŋu le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me.

Onani mutuwo Koperani




Mika 1:1
27 Mawu Ofanana  

Le Israel-fia Pekax, Remalya vi ƒe ƒe evelia me la Yotam, Yuda-fia Uziya ƒe vi, zu fia.


Ke Yehowa ɖe fu na fia la, eye wòdze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ xɔa ɖe me le aga. Eye fia ƒe vi Yotam no aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la.


Le Pekax, Remalya vi ƒe ƒe wuiadrelia me la Axaz, Yuda-fia Yotam ƒe vi, zu fia.


Le Israel-fia Hosea. Eta vi ƒe ƒe etɔ̃lia me la Xizkiya, Yuda-fia Axaz ƒe vi, zu fia


Axaz xɔ ƒe blave, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Mewɔ nusi dze Yehowa ŋu abe fofoa Dawid ene o,


Xizkiya xɔ ƒe blave vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye wòdu fia ƒe blave va asieke le Yerusalem. Dadaa ŋkɔ nye Abiya, Zaxarya ƒe vinyɔnu.


Esia nye ŋutega, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.


Efrayim ƒe ta enye Samaria, eye Samaria ƒe ta enye Remalya vi. Ne miexɔe se o la, ekema mianɔ te hã o!


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Hosea, Beeri vi, le Yuɖafiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli kpakple Israel-fia Yerobeam, Yoas vi ŋɔli.


Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o!


Israel ŋlɔ ewɔla he; etu fiasãwo, eye Yuda tso du sesẽwo kpaŋkpaŋ; maɖo dzo ɖe eƒe duwo me, ne wòafiã woƒe fiasãwo.


Esia nye Amos, amesi tso alẽnyilawo dome le Tekoa la ƒe nya, si wòkpɔ ɖe Israel ŋu ƒe eve ɖo ŋgɔ na anyigbaʋuʋu le Yuda-fia Uziya ŋɔli kple Israel-fia Yerobeam, Yoas-vi ŋɔli la.


Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!


Yakob ƒe dzidadawo kple Israel ƒe aƒe ƒe nuvɔ̃wo tae nusiawo katã dzɔ ɖo. Yakob ƒe dzidada ɖe? Ɖe menye eya nye Samaria oa? Yuda ƒe nuxeƒe ɖe? Ɖe menye eyae nye Yerusalem oa?


Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe ta-tɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã;


Nya, si nyagblɔɖila Xabakuk kpɔ enye si:


elabena nyagbɔgblɔɖia ɖeke metso lãme ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa