7 Eye wòtsi tre heyi ɖe eƒe me.
7 Ame la tsi tsitre enumake, eye wòfɔ eƒe nuwo heyi aƒe me.
Ke ne mianyae bena, ŋusẽ le Amegbetɔvi la si be, wòatsɔ nuvɔ̃wo ake le anyigba dzi; tete wògblɔ na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ, wò aba dzi, eye nayi aƒewò me!
Eye esi amehawo kpoe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tso nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.