Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Mateo 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Yesu nya nu si nɔ woƒe susu me, eya ta ebia wo be, “Nu ka ta miele nu baɖa siawo ƒomevi susum ɖo?

Onani mutuwo Koperani




Mateo 9:4
24 Mawu Ofanana  

Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.


Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la,


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbemagbe la nu aɖo dzi me na wò, eye aɖo tame vɔ̃ɖi


Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;


Ke esi wòdze si woƒe alakpadada la, egblɔ na wo bena: Nuka miele teyem kpɔ mahã? Mitsɔ denario la vɛ, ne makpɔ!


Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã?


Ke esi wonyã woƒe tamesusuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si ma ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezu aƒedo, eye xɔ mũ dze xɔ dzi.


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu.


Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Simon, nyaa ɖe le asinye, be magblɔ na wò. Eye wògblɔ bena: Nufiala, gblɔe.


Yesu dze sii bena, wole didim be, yewoabiae, eye wògblɔ na wo bena: Alo esi megblɔ bena: Esusɔ ʋee, eye miele kpo ye ge o, eye wògasusɔ ʋee, eye miakpɔm la, esia ŋutie miele mia nɔewo biam ɖo mahã?


Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Ke esi Yesu nya le ye ŋutɔ ɖokui me bena, eƒe nusrɔlawo le liʋiliʋi lim le esia ŋuti la, egblɔ na wo bena: Alo ɖe esia le nu ɖiam na mi mahã?


Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.


Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa