Mateo 9:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191336 Ke esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene. Onani mutuwoAgbenya La36 Ameawo ƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, elabena nu geɖewo nɔ fu ɖem na wo, ke womenya nu si woawɔ o. Ɖeko wonɔ abe alẽha si kplɔla meli na o la ene. Onani mutuwo |